bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 14
Zechariah 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
1
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe ŋkeke li gbɔna esime woama wò nu si woha le mewò la.
2
Elabe mana dukɔwo katã asɔ nu aho aʋa ɖe ŋuwò. Woaxɔ dua, aha nu siwo le aƒewo me eye woagblẽ nyɔnuwo. Woakplɔ dua me tɔwo ƒe afã ayi aboyo me, ke ame mamlɛawo ya anɔ anyi.
3
Ekema Aƒetɔ atso aɖawɔ aʋa kple dukɔ siawo, abe ale si wòwɔa aʋa le aʋakpegbe ene.
4
Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi. Tete bali gã aɖe ama Amito la me ɖe eve tso ɣedzeƒe va yi ɣetoɖoƒe, ale be to la ƒe afã ate yi dzigbeme eye evelia ate yi anyigbeme.
5
Woana toa ƒe bali la natɔ elabe toawo ƒe bali la aka wo ŋu. Miasí abe ale si mia tɔgbuiwo sí, esime anyigba ʋuʋu le Yuda-fia Uziya ŋɔli ene. Ekema Aƒetɔ, mia Mawu la ava eye wòakplɔ ame kɔkɔeawo katã akpe ɖe eŋuti.
6
Gbe ma gbe la, vuvɔ, tsi babla,
7
kple viviti maganɔ anyi o. Ŋkeke me kekeli anɔ anyi ɖaa, anɔ anyi le gaƒoƒo siwo me wòdze be viviti nado hã. Ɣeyiɣi si nu sia ava eme la le nyanya na Aƒetɔ ɖeka dzaa ko. Ne zã do hã kekeli anɔ anyi.
8
Gbe ma gbe la, tsi gbagbe así tso Yerusalem; eƒe afã aɖo ta ɣedzeƒeƒu la me eye afã así aɖo ta ɣetoɖoƒeƒu la me. Tsi la anɔ sisí dzi ƒè blibo la, le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.
9
Tete Aƒetɔ aɖu fia ɖe xexeme bliboa dzi. Gbe ma gbe Aƒetɔ anye Mawu ɖeka eye wòatɔ ŋkɔ ɖeka.
10
Anyigba blibo la azu gbadzaƒe tso Geba va se ɖe Rimon le Yerusalem ƒe anyigbeme. Ke Yerusalem akɔ dzi le enɔƒe tso Benyamin-gbo la nu, afi si agbo gbãtɔ kple dzogoe le la gbɔ, agatso Xananel ƒe xɔ tsrala la gbɔ va se ɖe fia ƒe ahafiãƒewo.
11
Amewo anɔ dua me fũu azɔ, elabe maganye busudu o. Yerusalem anɔ anyi le dziɖeɖi me.
12
Ke Aƒetɔ ahe dɔléle dziŋɔ ava dukɔ siwo katã wɔ aʋa kple Yerusalem la me tɔwo dzi. Ŋutilã aƒaƒã ɖe amewo ŋuti le esime wogale agbe; ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo.
13
Gbe ma gbe la, Aƒetɔ ana woatɔtɔ anɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be ame sia ame adze ehavi dzi eye woawɔ nu vevi wo nɔewo.
14
Yuda-duwo gɔ̃ hã awɔ aʋa le Yerusalem. Woaha dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe kesinɔnuwo, siwo nye sika, klosalo kple avɔwo fũu.
15
Dɔléle dziŋɔ la adze sɔwo, tedzisɔwo, kposɔwo kple tedziwo kpakple lã bubu siwo katã le futɔwo ƒe asaɖa me la dzi.
16
Azɔ ame siwo katã tsi agbe le dukɔ siwo ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu me la ayi Yerusalem ƒe sia ƒe aɖasubɔ Fia la, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, eye woaɖu Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui la.
17
Ne dukɔ aɖe me tɔwo gbe be yewomayi aɖasubɔ Aƒetɔ, Fia la o la, tsi madza na wo o.
18
Ne Egiptetɔwo gbe ŋkekenyui la ɖuƒeyiyi la, dɔléle dziŋɔ si Aƒetɔ ana wòadze ame siwo gbe yiyi dzi la adze woawo hã dzi.
19
Alea woahe to na Egiptetɔwo kple dukɔ bubu siwo katã mava Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui la ɖuƒe o lae.
20
Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe nyawowoe siwo le sɔwo ŋu gɔ̃ hã la dzi be: “Wokɔ wo ŋu na Aƒetɔ.” Nuɖaze siwo le mawuxɔa me la ŋu akɔ abe agba siwo le vɔsamlekpuia gbɔ ene.
21
Nenema ke nuɖaze siwo katã le Yerusalem kple Yuda la ŋu akɔ na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, ale be vɔsalawo katã ava fɔ wo ayi aɖaɖa nu le wo me. Le ɣe ma ɣi me la, asitsala aɖeke maganɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒeme o.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14