bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 11
Zechariah 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 12 →
1
Lebanon, ʋu wò agbowo, be dzo nafiã wò sedertiwo.
2
Sesewuwo, mifa avi elabe sedertiwo mu eye ati nyuitɔwo tsrɔ̃. Basan-logotiwo, mifa avi elabe woƒo ave dodo la keŋ.
3
Ðo to nàse lãkplɔviwo ƒe avi ɖa; woƒe atsyɔ̃ bu. Ðo to nàse dzataviwo ƒe gbeɖeɖe ɖa; woƒo ave dodo le Yordan ŋu la keŋ.
4
Aƒetɔ, nye Mawu la be: “Va zu alẽ siwo woawu la kplɔla.
5
Wo ƒlelawo wua wo eye ame aɖeke mehea to na wo o. Wo dzralawo gblɔna be ‘Mikafu Aƒetɔ’ elabe mezu kesinɔtɔ. Alẽawo kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa nublanui na wo o.”
6
Elabe Aƒetɔ be: “Nyemagakpɔ nublanui na anyigba sia dzi nɔlawo azɔ o. Nye ŋutɔ matsɔ ame sia ame ade asi na ehavi kple eƒe fia. Fiaawo agbã anyigba la gudugudu, eye nyemaxɔ ame aɖeke le wo si me o.”
7
Ale meva zu alẽ siwo woɖo be woawu la kplɔla na ame siwo fia alẽ dzrana la. Metsɔ atikplɔ eve. Meyɔ ɖeka be “Amenuveve” eye meyɔ evelia be “Ðekawɔwɔ.” Ale mekpɔ alẽawo dzi.
8
Le ɣleti ɖeka me la, metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃awo. Ke nyemegbɔ dzi ɖi na wo o, eye woawo hã lé fum.
9
Ale megblɔ na alẽha la be: “Nyemaganye mia kplɔla azɔ o. Ame si be yeaku la, neku; ame si be yeatsrɔ̃ la, netsrɔ̃, eye mamlɛawo nelé wo nɔewo ɖu.”
10
Azɔ metsɔ nye atikplɔ si meyɔna be “Amenuveve” la eye meŋee tsɔ tú nu, si mebla kple dukɔwo katã la.
11
Ale nubabla la tu gbe ma gbe. Alẽsitsala siwo nɔ ŋku lém ɖe ŋunye la, kpɔe dze sii be Aƒetɔ ye nɔ nu ƒom to dzinye.
12
Tete megblɔ na wo be: “Ne mielɔ̃ la, mixe nye fetu nam. Evɔ ne medze mia ŋu o la, nenɔ anyi.” Ale wotsɔ klosaloga bla etɔ̃ xe fee nam.
13
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: “Tsɔe ƒu gbe ɖe nudzraɖoƒe si le gbedoxɔ me la me.” Ale metsɔ klosaloga bla etɔ̃ si wobu be eyae yewotsɔ de bubu ŋunye la da ɖe nudzraɖoƒe si le gbedoxɔ me la me.
14
Emegbe meŋe atikplɔ evelia si meyɔna be “Ðekawɔwɔ” la, eye megblẽ nɔviwɔwɔ si le Yuda kple Israel dome la me.
15
Azɔ Aƒetɔ gblɔ nam be: “Gatsɔ lãkplɔvi maɖota la ƒe lãkplɔnuwo.
16
Elabe kpɔ ɖa, mele lãkplɔvi xɔ ge le anyigba la dzi; lãkplɔvi sia la, metsɔa ɖeke le eme na tsɔtsrɔ̃lawo loo; alo dia esiwo buna la loo, alo daa gbe le esiwo xɔ abi la ŋu loo, alo esiwo tsi agbe la o. Le ema teƒe boŋ la, eɖua damitɔwo ƒe lã eye wòtúa woƒe afɔkliwo.
17
Baba na nye lãkplɔvi, maɖota si gblẽ eƒe lãha ɖe ya me. Na yi nagblẽ eƒe abɔ kple ɖusime ŋku! Na eƒe abɔ naƒu ɖe eŋu kplakplakpla, eye eƒe ɖusime ŋku negbã keŋkeŋ!”
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14