bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 8
Zechariah 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 9 →
1
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe gbe va nam be:
2
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie eye meʋã ŋu ɖe enu vevie kple dɔmedzoe.
3
Aƒetɔ be: Magatrɔ ayi Zion, eye maɖanɔ Yerusalem, eye woayɔ Yerusalem be ‘Duwɔnuteƒe’ eye woayɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ƒe to la be ‘To kɔkɔe.’ ”
4
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Amewo agatsi axɔ ƒè geɖee, agaku amegã alo nyagã, alé atizɔti ɖe asi abɔbɔ nɔ ablɔwo dzi le Yerusalem.
5
Ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo agayɔ ablɔwo dzi taŋ anɔ fefem.”
6
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Nu sia awɔ mo yaa na dukɔa me tɔ siwo susɔ fifia, ke ɖe woawɔ nuku na nye hã?” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
7
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Maxɔ na nye ame siwo tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe nyigbawo dzi,
8
eye makplɔ wo vɛ be woava nɔ Yerusalem. Woanye nye dukɔ eye manye woƒe Mawu le nyateƒe kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ me.”
9
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Alɔka me nasẽ na mi, ame siwo se nya siawo tso gbeƒãɖelawo ƒe nu me, tso gbe si gbe woɖo Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi be woatui.
10
Elabe do ŋgɔ na ɣe ma ɣi la, fetu menɔe na amegbetɔ loo, alo lã o; dedienɔnɔ menɔe na ame aɖe si le dodom alo le gbɔgbɔm la tso futɔ la si me o. Elabe mena ame sia ame tsi tre ɖe ehavi ŋu.
11
Ke azɔ la, nyemagawɔ ɖe dukɔa me tɔ siwo susɔ la ŋu abe ale si mewɔ ɖe wo ŋu tsã ene o.” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
12
Elabe: “Amewo ade agble le ŋutifafa me eye wain atse fũu. Dziƒo adza zãmu eye anyigba ana nu aʋã. Mana ame siwo susɔ la azu nu siawo ƒe gomekpɔlawo.
13
Yudatɔwo kple Israeltɔwo! Ale si amewo ƒoa fi dea mi, doa hamelo ɖe mia ŋu tsã la, nenemae maxɔ na mii, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, ke boŋ alɔka me nasẽ na mi.”
14
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Ale si meɖo tame be mawɔ vɔ̃ mia tɔgbuiwo esime wodo dɔmedzoe nam eye nyemetrɔ o la, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe,
15
nenemae megaɖo tame le ŋkeke siawo me be mawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda ƒe aƒe la; migavɔ̃ o.
16
Nu siwo wòle be miawɔ lae nye: Mito nyateƒe na mia nɔewo. Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe le miaƒe agbowo me, eye midi ŋutifafa.
17
Migaɖo vɔ̃ ɖe mia nɔewo ŋu o; migatà nu alakpatɔe o elabe melé fu nu siawo katã.” Aƒetɔ lae gblɔe.
18
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe gbe va nam be:
19
“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla be: Nutsitsidɔ siwo miewɔna le ɣleti enelia, atɔ̃lia, adrẽlia kple ewolia me la azu dzidzɔ ŋkekenyuiwo na Yuda ƒe aƒe la, eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.”
20
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Dukɔwo gale vava ge; du bubuwo me nɔlawo ke hã.
21
Du ɖeka me tɔwo ayi du bubu me tɔwo gbɔ aɖagblɔ na wo be, ‘Míawo míeyina enumake be míaɖaƒo koko na Aƒetɔ ne wòave mía nu, eye míasubɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la. Mele yiyi ge.’
22
Ameha geɖe kple dukɔ sesẽ deŋgɔ geɖewo ava subɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la le Yerusalem eye woaƒo koko nɛ be neve yewo nu.
23
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Ɣe ma ɣi la, ame ewo atso dzronyigba vovovowo dzi ava Yudatɔ ɖeka gbɔ, alé eƒe awu toga agblɔ nɛ be, ‘Nà míazɔ kpli wò yi elabe míese be Mawu li kpli mi.’ ”
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14