bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Zechariah 3
Zechariah 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 4 →
1
Tete eɖe nunɔlagã Yosua fiam, wòle tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe dɔla la ŋgɔ eye Satana le tsitre ɖe eƒe ɖusime be yeatsɔ nya ɖe eŋu.
2
Tete Aƒetɔ gblɔ na Satana be: “Aƒetɔ neka mo na wò, Satana. Aƒetɔ, ame si tia Yerusalem la, neka mo na wò! Ɖe menye nake si woɖe tso dzo me lae nye esia oa?”
3
Ke Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la ŋkume.
4
Mawudɔla la gblɔ na ame siwo tsi tsitre ɖe eŋkume la be: “Miɖe awu ƒoɖiawo le ŋutsu sia ŋu!” Egblɔ na eya ŋutɔ be: “Kpɔ ɖa, meɖe wò nuvɔ̃wo ɖa le ŋuwò, eya ta mado awu xɔasiwo na wò.”
5
Megblɔ be: “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ!” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ eye wodo awu nɛ; Aƒetɔ ƒe dɔla la nɔ tsitre ɖi.
6
Tete Aƒetɔ ƒe dɔla la xlɔ̃ nu Yosua be,
7
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Ne èwɔ nye sewo dzi, eye nèlé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ànye nye aƒe la kple eƒe xɔxɔnuwo dzikpɔla. Mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afii la dome.
8
Azɔ, wò nunɔlagã Yosua, ɖo to nàsee; wò kple xɔ̃wòwo siwo nɔ gbɔwò la misee. Elabe woawoe nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe dzesi. Mana nye dɔla si woyɔna be Alɔdze la nava.
9
Elabe, kpɔ ɖa, metsɔ kpe si axa adrẽ li na la da ɖe Yosua ŋgɔ. Mele nane ŋlɔ ge ɖe edzi, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe; maɖe anyigba sia ƒe vodadawo ɖa le eŋu le ŋkeke ɖeka dzi.
10
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Gbe ma gbe la, mia dome ame sia ame akpe ehavi ayi eƒe wainkawo kple eƒe gbotiwo te.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14