bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 1
Hebrews 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 2 →
1
Le blema la, Mawu ƒo nu na mía tɔgbuiwo zi geɖe to eƒe gbeƒãɖelawo dzi le mɔ vovovo nu.
2
Ke le egbe ŋkeke mamlɛ siawo me la, Mawu ƒo nu na mí to Via dzi. Vi siae eya ŋutɔ tia be wòanyi nuwo katã dome. Eyama ke dzie Mawu to wɔ xexea me hã.
3
Vi lae ɖe ale si Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le la fia, eye Mawu ƒe nɔnɔme tututue le eya hã si. Vi lae tsɔ eƒe nya ƒe ŋusẽ la lé xexeme blibo la ɖe te. Esi eyama klɔ míaƒe nuvɔ̃wo ɖa vɔ la, eyi ɖabɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu Bubutɔgã si le dziƒo ʋĩi la ƒe ɖusime.
4
Mawu wɔ Via wòzu gã wu mawudɔlawo, elabe ŋkɔ si Mawu va tsɔ nɛ la xɔ asi wu mawudɔlawo tɔ.
5
Azɔ ɖe, mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be: “Wòe nye Vinye, egbee medzi wò.” Alo wògblɔ na be: “Manye Tɔ́wò, eye wò la, nànye vinye”?
6
Hekpe ɖe esia ŋu la, esi Mawu ɖoe be yeaɖo yeƒe ŋgɔgbevi ɖe xexea me la, egblɔ be: “Mawu ƒe dɔlawo katã, misubɔe.”
7
Ke Mawu gblɔ le mawudɔlawo ŋu be: “Mawu tsɔ yaƒoƒo wɔ eƒe dɔlawo, dzo ƒe aɖewo nye eƒe subɔlawo.”
8
Ke egblɔ le Via ya ŋu be: “O Mawu, wò fiaɖuɖu anɔ anyi ɖaa. Wò fiaɖuɖu yɔ fũu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
9
Èlɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye nèlé fu sedzimawɔmawɔ, eya ta wò Mawu la tia wò, heda wò ɖe bubuteƒe si dzidzɔ le wu hatiwòwo tɔ, ale nègbɔ wo katã ŋu.”
10
Mawu gagblɔ be: “Aƒetɔ, wòe wɔ anyigba le gɔmedzedzea me, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔwo.
11
Nu siawo atsrɔ̃, ke wò la, èli ɖaa. Woatsi ado xoxo abe awu ene.
12
Èle wo ŋlɔ ge abe awu ene eye woatrɔ; ke wò la, nenema ko nɔ ge nàla tegbee, eye seɖoƒe meli na wò agbe me ŋkekewo o.”
13
Ke mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be: “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye ɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui”?
14
Mawudɔlawo katã la, ɖe menye Mawu ƒe subɔlawo wonye, eye wòdɔa wo ɖa be woakpe ɖe ame siwo xɔ ge yeala ɖe agbe la ŋu oa?
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13