bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 4
Hebrews 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 5 →
1
Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ gali be amewo nakpɔ gome le dzudzɔ si ŋugbe Mawu do la me la, mina míavɔ̃, ne menye nenema o la, mia dome ame aɖewo atsi mɔ ta, eye womade dzudzɔƒe sia o.
2
Elabe wova gblɔ Nyanyui la na wo abe ale si wova gblɔe na míawo hã ene, ke nya si wose la, meɖe vi aɖeke na wo o, elabe togbɔ be wosee hã la, womexɔ edzi se o.
3
Ke mí ame siwo xɔe se la, míege ɖe dzudzɔƒe ma. Mawu gblɔ be: “Dzi kum, eye meka atam gblɔ be: ‘Ne woaɖo afɔ nye anyigba si dzi mebe woadzudzɔ le la fĩi.’ ” Mawu gblɔ esia, togbɔ be ewɔ eƒe dɔwo wu nu, esime wòwɔ xexea me wu nu vɔ hã.
4
Elabe Mawu gblɔ le ŋkeke adrẽlia ŋu le afi aɖe be: “Le ŋkeke adrẽlia dzi la, Mawu dzudzɔ, eye megawɔ dɔ aɖeke o.”
5
Egagblɔ le afi sia ke hã be: “Ne woaɖo afɔ nye anyigba si dzi mebe woadzudzɔ le la fĩi.”
6
Togbɔ be ame siwo xɔ Nyanyui la gbã mete ŋu ge ɖe dzudzɔƒe la o, elabe womeɖo to Mawu o ta hã la, mɔ la gale ʋuʋu ɖi ko be ame aɖewo nagage ɖe eme.
7
Ale Mawu gaɖo ŋkeke bubu si nye “Egbegbe” eye wòƒo nu emegbe ʋĩi to David ƒe nya si ŋu míeƒo nu le va yi me be: “Ne miese Mawu ƒe gbe egbegbe la migasẽ to o.”
8
Elabe nenye ɖe Yosua kplɔ wo de dzudzɔƒe si ŋugbe Mawu do na wo la, anye ne Mawu magaƒo nu le ŋkeke bubu aɖeke ŋu o.
9
Ale dzudzɔgbe aɖe li si dzi Mawu ƒe amewo adzudzɔ le,
10
elabe ame sia ame si de Mawu ƒe dzudzɔƒea la, dzudzɔ dɔwɔwɔ abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene.
11
Eya ta mina míawo hã míaʋli sesĩe be míage ɖe dzudzɔƒe ma, eye ame aɖeke nagasẽ to ava tsi mɔ ta o.
12
Elabe Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòle dɔ wɔm. Eɖana wu yi nu evee ɖe sia ɖe. Eƒona ɖe ame yia to ke, eye wòmaa luʋɔ kple gbɔgbɔ dome, emaa ƒunuɖeƒewo kple ƒutomemi dome, eye wòdzroa ame ƒe susu kple dzimedidiwo me tsitotsito.
13
Mawu ƒe nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla ɖee o. Woklo nu le nuwo katã dzi wole dzedzem ƒãa le eŋkume. Eya gbɔe míana akɔnta le míaƒe nyawo ŋu le.
14
Azɔ esi Yesu, Mawu Vi, si nye Nunɔlagã, ame si to dziƒowo me do la le mía si ta la, mina míalé míaƒe xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe.
15
Elabe menye nunɔlagã si mate ŋu ase nu gɔme na mí, ne míegbɔdzɔ lae le mía si o, ke boŋ esi wote kpɔ le nu sia nu me abe míawo ke ene, ke mewɔ nuvɔ̃ o lae le mía si.
16
Eya ta mina míate ɖe Mawu ƒe fiazikpui si gbɔ wòvea ame nu le la ŋu dzideƒotɔe, ale be le hiãgbe la, Mawu nakpɔ nublanui na mí ave mía nu.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13