bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 7
Hebrews 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 8 →
1
Melxizedek sia nye Salem-fia eye wònye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla. Edo go Abraham esime Abraham trɔ tso aʋagbedzi afi si wòɖawu fiawo le, eye wòyrae.
2
Abraham tsɔ nu siwo katã dzi eƒe asi su la ƒe akpa ewolia nɛ. Gbã la, ŋkɔ “Melxizedek” gɔmee nye “fia nu dzɔdzɔe wɔla.” Evelia nye Salem-fia si fia be enye “Ŋutifafafia.”
3
Womeƒo nu le tɔ́a alo nɔa ŋu o. Womeƒo nu le eƒe dzidzime hã ŋu o. Ale womenya naneke le eƒe dzidzi alo ku ŋuti o. Esia ta eɖi Mawu Vi la, eye wònye nunɔla si li tso mavɔ me yi mavɔ me.
4
Mikpɔ ale si ame sia nye ame vevii la ɖa! Abraham, mía tɔgbui tsitsi la kura gɔ̃ hã tsɔ aboyonuawo ƒe akpa ewolia nɛ.
5
Le sea nu la, woɖe mɔ na Levi ƒe dzidzimevi siwo ɖua nunɔla be woaxɔ nuwo ƒe akpa ewolia le wo de Israelviwo si, togbɔ be woawo hã wonye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã.
6
Ke ame sia, si metso woƒe dzidzime la me o la, xɔ nuwo ƒe akpa ewolia le Abraham si, eye wòyra eya ame si Mawu do ŋugbe la na.
7
Ɖikeke aɖeke mele eme o, be ame si de ŋgɔ wu lae yra ame gblɔe la.
8
Le nunɔlawo gome la, amegbetɔe xɔa nuwo ƒe akpa ewolia; ke le Melxizedek gome la, ame si ŋu woɖi ɖase le be ele agbe lae xɔe.
9
Woate ŋu agblɔ kura be Levi, ame si xɔ nuwo ƒe akpa ewolia ŋutɔ gɔ̃ hã na nuwo ƒe akpa ewolia to Abraham dzi,
10
elabe esime Abraham do go Melxizedek la, womekpɔ dzi Levi haɖe o; egale Abraham ƒe ali me ko.
11
Levitɔwo ƒe nunɔlaɖuɖu dzie se la to va na Israel-dukɔ la. Azɔ la, nenye be Levitɔwo ƒe nunɔlaɖuɖu sia de blibo la, ɖe wògahiã be nunɔla bubu si le abe Melxizedek ene la, nagava ɖe Aron viwo teƒea?
12
Ne nunɔlaɖuɖu trɔ la, se si le eŋu la hã trɔna godoo.
13
Ame si ŋu wogblɔ nya siawo le la, to bubu mee wòtso, eye ame aɖeke metso to ma me wɔ subɔsubɔdɔ le vɔsamlekpuia gbɔ kpɔ o.
14
Edze ƒãa be Yuda-to la mee mía Aƒetɔ la dzɔ tso. Mose megblɔ nya aɖeke tso to sia ƒe nunɔlaɖuɖu ŋuti o.
15
Nya sia me gakɔ ɖe edzi wu, esime nunɔla bubu si ɖi Melxizedek la va do.
16
Ame sia va zu nunɔla, menye abe ale si woɖoe ɖi le se nu, be woaɖui ɖe dzidzime nu la ene o, ke boŋ to ŋusẽ si naa agbe si womate ŋu atsrɔ̃ o la dzi.
17
Elabe woɖi ɖase le ame sia ŋuti be: “Wò la, èzu nunɔla tegbee, abe Melxizedek ene.”
18
Gbã la, woɖe se xoxo la ɖa, elabe ŋusẽ kple viɖe aɖeke menɔ eŋu o,
19
eye mewɔ naneke wòde blibo o. Evelia, ena míele mɔ kpɔm na nu si nyo wu sãa la, eye míeto esia me te ɖe Mawu ŋu.
20
Woka atam kpe ɖe nunɔlaɖuɖu yeye sia ŋuti. Tsã la, Mawu mekaa atam na ame siwo woɖo nunɔlawoe o.
21
Ke esi woɖo Yesu ya nunɔlae la, Mawu ka atam nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ la ka atam, eye matrɔ eƒe susu o. ‘Wò la, èzu nunɔla tegbee.’ ”
22
Esia wɔe be Yesu va zu ame si de megbe na nubabla sia si nyo wu sãa la.
23
Nunɔla xoxotɔwo sɔ gbɔ ŋutɔ, elabe wokuna kabakaba le dɔa gbɔ.
24
Ke esi Yesu ya le agbe tegbee ta la, enye nunɔla yi ɖe mavɔ me.
25
Ale ete ŋu xɔa ame siwo tena ɖe Mawu ŋu la ɖe agbe ɣe sia ɣi to eya ŋutɔ ɖokui dzi, elabe ele agbe ɖaa bene yeato míaƒe nyawo na Mawu.
26
Edze be nunɔlagã sia tɔgbe nanɔ mía si. Ame si le kɔkɔe, mokaka mele eŋu o eye ɖi aɖeke mele eŋu o. Woɖe ame sia ɖe aga sãa tso nuvɔ̃wɔlawo gbɔ, eye wodoe ɖe dzi wòle dziƒowo tame ke.
27
Mehiã kura be nunɔlagã sia nanɔ vɔ sam gbe sia gbe, gbã, ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃wo ta, emegbe, ɖe ame bubuwo tɔwo ta, abe ale si nunɔlagã bubuawo wɔnɛ la ene o. Ewɔ esia zi ɖeka ko hena ɣeyiɣiawo katã, esime wòtsɔ eɖokui sa vɔe.
28
Le nyateƒe me la, Mose ƒe se la ɖoa amegbetɔ si nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ la nunɔlagãe. Ke Mawu ƒe atam si wòka le Mose ƒe se la megbe la, ɖo Vi la nunɔlagãe tegbee eye wòwɔe wòde blibo.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13