bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 11
Hebrews 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 12 →
1
Xɔse nye ale si ame kana ɖe nu si wòle mɔ kpɔm na la dzi, eye wòɖoa dzi ɖe nu si kpɔm mele o la ŋu be eli.
2
Xɔsee na Mawu kpɔ ŋudzedze le mía tɔgbuiwo ŋu le blema.
3
Xɔsee na míese egɔme be Mawu ƒe nyae wotsɔ wɔ xexea me, ale be wowɔ nu si kpɔm míele la tso nu si womekpɔna o la me.
4
Xɔsee Abel tsɔ na nu Mawui, eye eƒe vɔsasa dze Mawu ŋu wu Kain tɔ, ale Mawu bui nu dzɔdzɔe wɔlae. Mawu xɔ eƒe nunanawo, eye wòto eme ɖi ɖase nyui le eŋu. Abel ku baa, gake egale nu ƒom to eƒe xɔse dzi.
5
Xɔse tae wokɔ Henox yi dzii, ale be meku o. Womegakpɔe o, elabe Mawue kɔe yii. Azɔ hafi woakɔe ayii la, woɖi ɖase le eŋu be eƒe nu dze Mawu ŋu.
6
Ne xɔse mele ame aɖe si o la, eƒe nu mate ŋu adze Mawu ŋu akpɔ o. Elabe ele be ame sia ame si vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be Mawu li, eye wònana be ame siwo le edim la kpɔnɛ.
7
Xɔsee na Noa ɖo to Mawu esime wògblɔ nɛ be nu si medzɔ ame aɖeke kpɔ kpɔ o la gbɔna dzɔdzɔ ge. Ekpa aɖakaʋu si ɖe eya kple eƒemetɔwo. To esia me la, ebu fɔ xexemetɔwo, eye wòva xɔ domenyinu si li na ame dzɔdzɔe siwo xɔ se la.
8
Xɔsee na Abraham ɖo to Mawu esi wòyɔe be wòaʋu ayi anyigba si wòava xɔ abe eƒe domenyinu ene la dzi. Ale eʋu yi, togbɔ be menya afi si yim wòle o hã.
9
Xɔsee na Abraham nɔ anyigba si ŋugbe wodo nɛ la dzi abe amedzro ene. Eya kple Isak kpakple Yakob wonɔ agbadɔ me, togbɔ be anyigba si dzi wonɔ la ŋugbee wodo na wo hafi hã.
10
Abraham wɔ esia elabe enɔ mɔ kpɔm na du gã si si gɔmeɖoɖo li na si Mawu ŋutɔ tu la.
11
Xɔsee na ŋusẽ gaɖo Sara ke hã ŋu wòfɔ fu, togbɔ be etsi ku nyagã hã, elabe ebu Mawu ame si do ŋugbe la nɛ la be enye nuteƒewɔla.
12
Eya ta tso Abraham ɖeka ma, si ku vɔ keŋ la me la, dzidzimevi siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo alo ƒutake maxlemaxlẽ ene la va dzɔ.
13
Ame siawo katã ku kple xɔse, eye woƒe asi mesu nu si ŋugbe Mawu do na wo la dzi o, ke wokpɔe le adzɔge ʋĩi hedo wòezɔ nɛ ya. Wolɔ̃ ɖe edzi be amedzrowo kple mɔzɔlawo ko yewonye le anyigba sia dzi.
14
Elabe ame siwo gblɔa nya sia la, ɖee fia kɔtɛe be yewole denyigba aɖe dim.
15
Nenye anyigba si dzi woʋu dzo le la dim wole la, anye ne woakpɔ mɔ atrɔ ayi.
16
Ke abe ale si wòle ene la, wole denyigba si nyo wu ema la dim. Esiae nye denyigba si le dziƒo. Eya ta mekpea ŋu na Mawu be woyɔnɛ be yewoƒe Mawu o, elabe edzra du gã aɖe ɖo ɖi na wo.
17
Xɔsee na Abraham tsɔ via Isak na, esime Mawu doe kpɔ. Togbɔ be vi si ŋugbe Mawu do nɛ lae nye ema hã la, eganɔ klalo be yeatsɔ ye viŋutsuvi, ɖeka hɔ̃ la, asa vɔe na Mawu.
18
Mawu gblɔ le Isak ŋu le mawunya me na Abraham be: “Isak viwoe ava zu wò dzidzimeviwo.”
19
Abraham bui be Mawu ate ŋu afɔ Isak ɖe tsitre tso ku me gɔ̃ hã. Esia ta wògagbugbɔe xɔ abe ɖe wòfɔ tso ku me ene.
20
Xɔsee na Isak yra Yakob kple Esau le nu si woava zu emegbe la ŋuti.
21
Xɔsee na esime Yakob ɖo kudo nu la, ede ta agu ɖe eƒe atizɔti dzi, do gbe ɖa eye wòyra Yosef viŋutsuawo.
22
Xɔsee na esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, wòƒo nu le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ŋu, eye wòɖo ale si wòaɖi yee la na wo.
23
Xɔsee na Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ tso esime wodzii, elabe wokpɔ be ɖevia nyakpɔ ŋutɔ, eye womevɔ̃ se si Egipte Fiagã de la o.
24
Xɔsee na esi Mose tsi la, wògbe be womegayɔ ye be Egipte Fiagã vinyɔnuvi la vi o.
25
Ke boŋ elɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo wu, be yease vivi le nuvɔ̃ wɔwɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
26
Mose bu be ŋukpe si woado ye le Kristo la ta la xɔ asi sãa wu kesinɔnu siwo le Egipte, elabe ekpɔ fetu si wòava xɔ la dzi ɖa.
27
Xɔsee na Mose dzo le Egipte, eye mevɔ̃ fia ƒe dɔmedzoe o, elabe elé Mawu si kpɔm mele o la me ɖe asi sesĩe, abe ɖe wòle ekpɔm gã ene.
28
Xɔsee na Mose ɖo Ŋutitotoŋkeke la anyi, eye wòna wohlẽ ʋu ɖe ʋɔtrutiwo ŋu bene dɔla si atsrɔ̃ ŋgɔgbeviwo la nagawɔ nu vevi Israelviwo ya o.
29
Xɔsee na Israel-dukɔ la tso Aƒlaƒu la abe anyigba ƒuƒui dzi zɔm wole ene. Evɔ esime Egiptetɔwo hã te etsotso kpɔ la, wotsi eme no tsi ku.
30
Xɔsee na gli si ƒo xlã Yerixo-dua la mu dze anyi gbloo, esime Israelviwo zɔ ƒo xlãe ŋkeke adrẽ.
31
Xɔsee na Raxab, gbolo la, metsrɔ̃ kple tosẽlawo o, elabe exɔ ŋkutsalaawo nyuie wodze egbɔ.
32
Nya ka magagblɔ? Elabe ɣeyiɣi meli be maƒo nu le Gideon, Barak, Simson, Yefta, David, Samuel kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ŋu o.
33
Xɔsee na ame siawo dometɔ aɖewo ɖu fiaɖuƒewo dzi le aʋa me; ɖewo na amewo wɔ nu dzɔdzɔe; ɖewo xɔ nu siwo ŋugbe wodo na wo la, eye ɖewo mía nu na dzatawo.
34
Xɔse kee na amewo tsi dzo si le bibim flaflafla la. Eyae na womewu ame aɖewo o. Xɔsee na ŋusẽ gaɖo ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, eye eyae na amewo wɔ kalẽ le aʋa me. Eya kee na woƒe futɔwo ka hlẽ.
35
Xɔsee na amewo fɔ vi kukuwo ɖe tsitre na nyɔnuwo. Wowɔ funyafunya ame aɖewo eye wogbe be womegaɖe yewo le ga me o, va se ɖe esime woku. Wowɔ esia ale be woava nɔ agbe si nyo wu sãa la.
36
Woɖu fewu le ame bubuwo ŋu, ƒo wo, de kɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hã wo hede wo gaxɔ me.
37
Woƒu kpe ame aɖewo, eye wodze ɖewo ɖe eve kple laxalaxa. Wowu ɖewo kple yi, ɖewo zu hiãtɔ xaxa, tsi alẽgbalẽ kple gbɔ̃gbalẽ me nɔ yiyim, eye amewo wɔ funyafunya wo.
38
Xexe sia me medze ame siawo anɔ hafi o! Ke wole tsa glalã tsam le gbedadaƒo kple towo dzi, le dowo kple agadowo me.
39
Togbɔ be ame siawo katã ƒe xɔse ɖi ɖase le wo ŋu nyuie hã la, nu si ŋugbe Mawu do na wo la mesu wo si o.
40
Elabe Mawu kpɔ nu nyui si nyo wu la, da ɖi na mí eye míawo manɔmee la, womawɔ woamawo woade blibo o.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13