bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 3
Hebrews 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 4 →
1
Nɔvinye kɔkɔe siwo Mawu yɔ tso dziƒo la, mibu Yesu, ame si nye míaƒe xɔse ƒe amedɔdɔ kple nunɔlagã la ŋu kpɔ.
2
Ewɔ nuteƒe na ame si ɖoe, abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le Mawuƒe la me ene.
3
Abe ale si wodea bubu xɔtula ŋu wu xɔ si wòtu ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu gã wu Mose.
4
Elabe aƒe ɖe sia ɖe la, amee tunɛ, ke Mawue nye ame si ɖo nuwo katã anyi.
5
Azɔ la, Mose kpɔ Mawuƒe blibo la dzi abe subɔla ene nuteƒetɔe, bene wòaɖi ɖase le nu siwo ŋu Mawu ava ƒo nu le emegbe la ŋu.
6
Ke Kristo ya kpɔ Mawuƒe la dzi abe Vi ene nyateƒetɔe. Míawoe nye eƒe aƒe, ne míeɖo dzi ɖe eŋu hele mɔ kpɔm nɛ vevie kple kakaɖedzi.
7
Eya ta Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ be: “Ne miese Mawu ƒe gbe egbegbe la,
8
migasẽ to, abe ale si mia tɔgbuiwo wɔ, eye wodze aglã ɖe Mawu ŋu la ene o.
9
Wote Mawu kpɔ ɣe ma ɣi le gbedadaƒo. Mia tɔgbuiwo tem kpɔ le afi ma ƒe bla ene sɔŋ, eye wokpɔ nye dɔwɔwɔwo.
10
Ale dzi kum ɖe dzidzime ma ŋu, eye megblɔ be: ‘Ɣe sia ɣi wodaa vo eye wotrana, elabe womenya nye mɔwo o.’
11
Dzi kum, eye meka atam gblɔ be: ‘Ne woaɖo afɔ nye anyigba si dzi mebe woadzudzɔ le la fĩi!’ ”
12
Nɔviwo, mikpɔ nyuie be dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dome ame aɖeke si, ale be wòade megbe tso Mawu gbagbe la gbɔ o.
13
Ke boŋ mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si “Egbegbe” si wogblɔ la ka míawo hã, ale be nuvɔ̃ nagable mia dometɔ aɖeke, ne eƒe dzime nasẽ o.
14
Elabe ne míeɖo dzi ɖe Kristo ŋu vevie va se ɖe nuwuwu abe ale si míedze egɔmee ene la, eya ko hafi míakpɔ gome kplii.
15
Wogblɔ be: “Ne miese Mawu ƒe gbe egbegbe la, migasẽ to, abe ale si mia tɔgbuiwo wɔ, eye wodze aglã ɖe Mawu ŋu la ene o.”
16
Ame kawoe se Mawu ƒe gbe vɔ, hafi dze aglã do dziku nɛ? Ɖe menye ame siwo katã Mose kplɔ do go tso Egipte lae oa?
17
Ke ame kawo ƒe nue ku dzi nɛ ƒe bla ene sɔŋ? Ɖe menye ame siwo wɔ nuvɔ̃, eye woku, tsi gbedadaƒo lae oa?
18
Ame kawo wòka atam gblɔ na be: “Ne woaɖo afɔ nye anyigba si dzi mebe woadzudzɔ le la fĩi”? Ɖe menye ame siwo sẽ to lae oa?
19
Ale eme kɔ na mí be nu si ta womete ŋu de anyigba la dzi o lae nye be womexɔ se o.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13