bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 10
Hebrews 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 11 →
1
Yudatɔwo ƒe se la la, nu nyui siwo le vava ge la ƒe vɔvɔli ko wònye, menye eyae nye nu vavãtɔ la o. Esia ta se la mate ŋu ato vɔsasa siwo wowɔna ƒè sia ƒè la dzi awɔ ame siwo tena vaa Mawu gbɔ la, woade blibo gbeɖe o.
2
Ɖe wòate ŋu awɔ ame wòade blibo la, anye ne amewo dzudzɔ vɔsasa. Nenye ɖe subɔla siwo ta wosa vɔ ɖo la ŋuti kɔ zi ɖeka ko la, anye ne woƒe dzitsinya maganɔ fɔ bum wo be nuvɔ̃ le wo ŋuti o.
3
Ke vɔsasa siawo gaɖoa ŋku amewo ƒe nuvɔ̃wo dzi na wo ƒe sia ƒe,
4
elabe nyitsu kple gbɔ̃tsu ƒe ʋu mate ŋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le ame ŋu akpɔ o.
5
Esia ta esi Kristo gbɔna ɖe xexea me la, egblɔ na Mawu be: “Menye vɔsasa kple nunanawo dim nèle o, ke boŋ èwɔ ŋutilã nam.
6
Numeme nunanawo kple nuvɔ̃ɖeɖeɖa nunanawo medzea ŋuwò o.
7
Tete megblɔ be: ‘Yoo Mawu, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu’, abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya me le ŋutinye ene.”
8
Gbã la, egblɔ be: “Menye vɔsasa, nunanawo, numemewo kple nu siwo wonana ɖe nuvɔ̃ ta lae nèdi alo woawoe dzea ŋuwò o.” Evɔ wònye se la nue wonaa nu siawo ɖo hafi.
9
Egagblɔ hã be: “Yoo, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Eɖe ɖoɖo gbãtɔ la ɖa be yeatsɔ evelia aɖo eteƒe.
10
Esi Yesu Kristo wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu hetsɔ eƒe ŋutilã na zi ɖeka ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu ta la, Mawu kɔ mía ŋuti.
11
Nunɔla ɖe sia ɖe tsia tsitre ɖe Mawusubɔƒe la gbe sia gbe. Etsɔa nunana mawo ke saa vɔe edziedzi, togbɔ be womate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o hã.
12
Ke esi Kristo va sa vɔ ɖeka ma ko ɖe nuvɔ̃wo ta hena ɣeawo katã ɣi la, eyi ɖabɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe ɖusime.
13
Tso ɣe ma ɣi dzi la, ele lalam va se ɖe esime woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui.
14
Kristo sa vɔ zi ɖeka ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, eye wòwɔ ame siwo ŋu wokɔ la bliboe.
15
Le nyateƒe me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã ɖi ɖase na mí le esia ŋuti. Gbã la, egblɔ be:
16
“Aƒetɔ la gblɔ be: ‘Le ŋkeke mawo megbe la, nu, si mabla kpli wo la nye esi: Matsɔ nye sewo ade woƒe dzime, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe susu me.’ ”
17
Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Nyemagaɖo ŋku woƒe nuvɔ̃wo kple woƒe vodadawo dzi o.”
18
Ne wotsɔ nu siawo ke la, megahiã be woasa vɔ ɖe nuvɔ̃ ta o.
19
Eya ta nɔviwo, dzi ɖo mía ƒo be míage ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la to Yesu ƒe ku si wòku la dzi.
20
Etsɔ eƒe ŋutilã ɖe mɔ gbagbe yeye na mí to xɔmetsovɔ la me.
21
Ale esi nunɔla triakɔ si le Mawuƒe la nu la le mía si la,
22
mina míate ayi Mawu gbɔ kple dzi si toa nyateƒe, xɔse si li ke sesĩe, dzi si ƒe dzitsinya vɔ̃ɖi woklɔ ɖa keŋkeŋ kple ŋutilã si wole tsi zɔzrɔ̃e na nyuie la.
23
Mina míalé nu si me míeʋu hele mɔ kpɔm na la me ɖe asi sesĩe maʋamaʋãe, elabe ame si do ŋugbe la na mí la, nuteƒewɔla wònye.
24
Mina míabu ale si míanyɔ mía nɔewo ɖe nɔvilɔlɔ̃ kple agbenɔnɔ nyui ŋu la ŋu.
25
Migana míagbe míaƒe takpeƒewo yiyi, abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna la ene o. Ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo ɖe edzi vevie wu, esi míenya be ŋkeke la tu aƒe ta.
26
Elabe ne míenya nyateƒe la vɔ keŋ, hafi gaɖoe le nuvɔ̃ wɔm la, ekema vɔsasa aɖeke megali aɖe nuvɔ̃ la ɖa o.
27
Ke ɖeko míanɔ mɔ kpɔm kple vɔvɔ̃ na fɔbubu kple dzo bibi gã si afia Mawu ƒe futɔwo la.
28
Ne ame aɖe da Mose ƒe se la dzi la, womekpɔa nublanui nɛ o, ɖe wowunɛ; ɖasefo eve alo etɔ̃ koe hiã.
29
Ke ne ame aɖe tu afɔ Mawu Vi la dzi, eye mebu nubabla ƒe ʋu si kɔ eŋuti la ɖe naneke me o, eye wòdo vlo Mawu ƒe Gbɔgbɔ si vea ame nu la, ɖe medze be woahe to nɛ vevie wu oa?
30
Elabe míenya eya, ame si gblɔ be: “Nyee nye hlɔ̃biala; nye la, maɖo eteƒe.” Egagblɔ hã be: “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.”
31
Baba na ame si ge ɖe Mawu gbagbe la si me!
32
Ke miɖo ŋku ŋkeke siwo va yi, esime miedze si Mawu teti la dzi. Ɣe ma ɣi la, miedo dzi, ʋli sesĩe eye miekpe fu geɖe hã.
33
Ɣe aɖewo ɣi la, wodzua mi gɔ̃ hã le dutoƒo, eye miexaxana, eye ɣe aɖewo ɣi hã la, wobua mi dea ame siwo ŋuti wowɔa esiawo ɖo la dome.
34
Le nyateƒe me la, mia kple gamenɔlawo miekpe fu, eye togbɔ be amewo xɔ miaƒe nunɔamesiwo le mia si sesẽtɔe hã la, mieɖe asi le wo ŋu na wo faa kple dzidzɔ, elabe miawo ŋutɔ mienya be nunɔamesi siwo nyo wu emawo, eye woanɔ anyi ɖaa la le mia si.
35
Eya ta migana dzi naɖe le mia ƒo o, elabe fetu gã aɖe li na mi.
36
Ehiã be miado dzi ale be miate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye miaxɔ nu si ŋugbe wòdo la.
37
Elabe mawunya gblɔ be: “Esusɔ ʋɛ ko ne ame si gbɔna la nava ɖo; matsi megbe o.
38
Ke nye ame dzɔdzɔe la anɔ agbe elabe exɔ dzinye se. Evɔ ne ehe ɖe megbe la, nyemagakpɔ ŋudzedze le eŋu o.”
39
Míawo ya la, mímele ame siwo hena ɖe megbe hetsrɔ̃na la dome o, ke boŋ míele ame siwo si xɔse le, eye wole agbe la dome.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13