bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 12
Hebrews 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 13 →
1
Le esia ta, le ɖaseɖila geɖe siwo ƒo xlã mi abe alilikpo ene ta la, mina míaɖe nu kpekpewo katã kple nuvɔ̃ ɖe sia ɖe si lé ɖe mía ŋu kaɖii la ƒu gbe, eye míake duɖime si dze ŋgɔ mí la kple kutrikuku.
2
Mina míaƒe ŋku nanɔ Yesu ŋu ɖa. Eyae ɖo míaƒe xɔse la gɔme anyi, eye wòwɔe wòde blibo. Esi wònya dzidzɔ si le eŋgɔ ta la, edo dzi kpe fu le atitsoga ŋu, eye wòbu ŋukpe si le atitsoga ŋu la nu tsɛ ko. Ke azɔ la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ɖusime.
3
Mibu Yesu ŋu ɖa ne ɖeɖi nagate mia ŋu o. Eyae do dzi lɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo tsi tre ɖe eŋu vevie.
4
Togbɔ be miele aʋa wɔm kple nuvɔ̃ hã la, mieva ɖo afi si wòhiã le be woakɔ miaƒe ʋu ɖi haɖe o.
5
Ɖe mieŋlɔ dzideƒonya si me woyɔ mi le be viŋutsuviwo la bea? Eyae nye be: “Vinye, ne Aƒetɔ la he to na wò la, mègabui nu tsɛ o. Ne eka mo na wò la, dzi megaɖe le ƒowò o.
6
Elabe ame si Aƒetɔ la lɔ̃na la, eyae wòhea to na; ame sia ame si wòxɔ vii la, eyae wòƒona.”
7
Ne wole hehe nam mi la, mido dzi. Mawu ɖe wòle mia kplɔm abe viwo ene. Vi kae li si tɔ́a menaa hehee o?
8
Ne wona hehe ame sia ame vɔ, eye wogblẽ miawo ya ɖi, womena hehe mi o la, ekema gbɔmeviwo mienye, ke menye vi ŋutɔŋutɔwo o.
9
Hekpe ɖe esia ŋu la, tɔ́wo le mía si le anyigba dzi be woana hehe mí, eye míetsɔa bubu na wo. Ɖe mele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe gbɔgbɔwo Tɔ́ la te bene míanɔ agbe oa?
10
Tɔ́ mawo ya na hehe mí le ɣeyiɣi kpui aɖe, si dze wo ŋu la ko me, ke Mawu ya naa hehe mí bene wòanyo na mí, ale be míawo hã míava zu kɔkɔe.
11
Le nyateƒe me, va se ɖe fifi gɔ̃ hã, ne wole hehe nam ame aɖe la, medzɔa dzi nɛ o; evenɛ boŋ. Emegbe la, hehe sia nana be wòwɔa nu dzɔdzɔe eye wònɔa agbe le ŋutifafa me.
12
Eya ta mido ŋusẽ miaƒe asi siwo wɔ gblɔdɔ kple miaƒe klo siwo tu la.
13
Miɖe mɔ dzɔdzɔewo ne miato wo dzi bene bunɔ, nagatra mɔ o, ke boŋ wòahaya.
14
Miʋli be ŋutifafa nanɔ mia kple amewo katã dome. Midze agbagba mianɔ kɔkɔe, elabe ame si ke mele kɔkɔe o la, makpɔ Aƒetɔ la o.
15
Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve la su ame sia ame si. Gawu la, mikpɔ nyuie be nya aɖeke nagana miase veve vevie, eye wòahe masɔmasɔ avɛ be ame geɖe nagava zu ame ƒoɖiwo o.
16
Ame aɖeke naganye ahasiwɔla alo ŋukpenanuwɔla abe Esau ene o. Eya tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ɖɔli nuɖuɖu agba ɖekae.
17
Abe ale si mienya ene la, emegbe la, Esau di vevie be woayra ye abe ŋgɔgbevi ene, eye wòfa avi vevie. Ke womeyrae o, elabe megakpɔ mɔ atrɔ nu si eya ŋutɔ wɔ la o.
18
Elabe menye Sinai-to si ame mate ŋu akpɔ o la gbɔe mieva o. Viviti tsiɖitsiɖi kple blukɔ do, ahom le tutum, ke to la le dzo bim flaflafla.
19
Kpẽ kple gbeɖiɖi si le nu ƒom la ɖi. Ke eselawo ɖe kuku be womegagblɔ nya aɖeke kpee azɔ o.
20
Elabe womate ŋu anɔ te ɖe se si wode na wo la nu o. Woɖe gbe na wo be: “Ne lã aɖe kura gɔ̃e ka afɔ toa ŋu la, woneƒu kpee wòaku.”
21
Le nyateƒe me la, nu si woɖe fia la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose ŋutɔ gɔ̃ hã gblɔ be: “Vɔvɔ̃ koe ɖom; mele dzodzom nyanyanya.”
22
Ke miawo la, Zion-to la gbɔe mieva. Mawu gbagbe la ƒe du, Yerusalem dziƒotɔ kple eƒe mawudɔla siwo manyaxlẽ o, siwo kpe ta la gbɔe miele.
23
Gawu la, ŋgɔgbevi siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe dziƒo la ƒe hame si kpe ta la mee mieva. Miele Mawu, amewo katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la kple ame dzɔdzɔe siwo wowɔ wode blibo la ƒe gbɔgbɔwo ŋkume.
24
Afi ma la, Yesu, ame si nye nubabla yeye la ƒe avuléla hã li, eye ʋu si wòhlẽ si le nu ƒom amenuvetɔe wu Abel ƒe ʋu la hã li.
25
Mikpɔ nyuie ne miagagbe ame si le nu ƒom la ƒe gbe o. Elabe nenye be woawo mete ŋu sí le ame si gbe nya na wo le anyigba dzi la nu o la, ale ke míawo ya míate ŋu así le ame si le nya gbem na mí tso dziƒo la nu?
26
Ɣe ma ɣi la, eƒe gbe ʋuʋu xexea me, ke azɔ la, edo ŋugbe be: “Megale xexea me ʋuʋu ge ake zi ɖeka, ke azɔ la, maʋuʋu dziƒo hã akpe ɖe eŋuti.”
27
“Ake zi ɖeka” sia fia be nuwɔwɔ siwo woʋuʋu la, woaɖe wo ɖa, ke esiwo womete ŋu ʋuʋu o la, atsi anyi.
28
Eya ta mina míada akpe be fiaɖuƒe si mate ŋu aʋã o la su mía si. Ale mina míatsɔ bubu kple vɔvɔ̃ asubɔe ne míadze eŋu,
29
elabe míaƒe Mawua la, dzo si fiaa nu keŋkeŋ lae wònye.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13