bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 6
Hebrews 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 7 →
1
Eya ta mina míaɖe zɔ adzo le gɔmedzenu siwo wofia le Kristo ŋu la gbɔ, atsi ɖe edzi. Migana míagbugbɔ afia nu le ale si miatrɔ dzime tso nuwɔna maɖeviwo gbɔ kple ale si miaxɔ Mawu dzi asee la mi yeyee o.
2
Míefia nu vovovowo mi le mawutsilele, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛtɔ ŋu.
3
Ne Mawu lɔ̃ la, nu siwo ana miatsi ɖe edzi la ko míafia mi fifia.
4
Ame siwo Mawu ƒe kekelia klẽ na kpɔ, eye woɖɔ eƒe nunana si tso dziƒo la kpɔ; ame siwo si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã su kpɔ la, ne wode megbe tso Mawu gbɔ la, womagate ŋu awɔ wo be woatrɔ dzime o.
5
Ame siawo ɖɔ nu nyui si le Mawu ƒe Nyanyui la me la kpɔ, eye wokpɔ gome le xexe si le vava ge la ƒe ŋusẽdɔwo hã me.
6
Ale ne wode megbe la, wogaklã Mawu Vi la ɖe ati ŋu ake na wo ɖokui, eye wokɔe do ɖe dzi be amewo nado ŋukpee le dutoƒo, eya ta womagate ŋu awɔ wo be woatrɔ dzime o.
7
Mawu yra anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi enuenu, eye numiemiewo miena ɖe edzi ale be wòɖea vi na ame siwo ta wode agble ɖe edzi la.
8
Ke anyigba si dzi ŋu kple srẽ ɖeɖe ko mie ɖo hewɔ la, viɖe aɖeke mele eŋu o. Woƒo fi dee vɔ kloe. Mlɔeba la, ɖeko woava tɔ dzoe.
9
Lɔlɔ̃tɔwo, togbɔ be míeƒo nu alea hã la, le miawo ya gome la, míeka ɖe mia dzi be mienya nu nyui siwo ku ɖe ale si Mawu axɔ mi ɖe agbe la ŋuti.
10
Elabe Mawu menye ame madzɔmadzɔ, ne wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eŋkɔ ta la be o. Miekpe ɖe ame siwo ŋuti wokɔ la ŋu, eye miegale edzi le kpekpem ɖe wo ŋu va se ɖe fifi.
11
Ke míedi vevie be mia dome ame sia ame nagado vevie nu nenema ke, eye wòanɔ mɔ kpɔm kple kakaɖedzi blibo va se ɖe nuwuwu,
12
ale be miagazu nugɔmemaselawo o. Ke míedi be miakpɔ ame siwo tsɔ xɔse kple dzigbɔgbɔ blewuu xɔ nu siwo ŋugbe Mawu do la ƒe nuwɔna awɔ.
13
Esi Mawu do ŋugbe na Abraham la, età eya ŋutɔ ɖokui nɛ, elabe ame aɖeke meli kɔ wui si wòatà o.
14
Ebe: “Mayra wò eye mana nàdzi asɔ gbɔ fũu kokoko.”
15
Ale esi Abraham gbɔ dzi blewuu hedo dzi la, eƒe asi su nu si ŋugbe Mawu do nɛ la dzi.
16
Amewo tàa nu yɔa nane si lolo wu woawo ŋutɔ, ne wodi be yewoaɖo kpe nya si yewogblɔ la dzi atsɔ awu nyaʋiʋliwo katã nu.
17
Esia tae Mawu tà nu tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzii ɖo, elabe edi be eme nakɔ na ame siwo lava xɔ nu si ŋugbe yedo na wo la be yeƒe ɖoɖo metrɔna gbeɖe o.
18
Ale Mawu wɔ nu eve, siwo nye ŋugbedodo kple nutàta siwo mate ŋu atrɔ o, eye womate ŋu atsɔ wo aka aʋatsoe hã o la ŋudɔ. Le nu siawo ta la, dzi gaɖo mí ame siwo va sii tso la ƒo ale gbegbe be míele mɔ kpɔm na nu si ŋugbe wòdo na mí la.
19
Mɔkpɔkpɔ siae lé míaƒe luʋɔwo ɖe te abe ale si seke léa tɔdziʋu ɖe te la ene. Eto xɔmetsovɔ la ŋu eye wòge ɖe vɔsaƒe kɔkɔe si le ememe la.
20
Afi siae Yesu ge ɖo ɖe mía teƒe abe ŋgɔdola ene. Eyae nye ame si va zu nunɔlagã abe Melxizedek ene yi ɖe mavɔmavɔ me.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13