bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 9
Hebrews 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 10 →
1
Azɔ la, le nubabla xoxotɔ ŋɔli la, mawusubɔsubɔ ŋuti sewo li, eye wotu anyigbadzigbadɔ si me wosubɔna le la.
2
Woma agbadɔa me ɖe eve kple avɔ. Woyɔa teƒe gbãtɔ be Kɔkɔeƒe, eye afi siae wodaa akaɖiti, kplɔ̃ kple vɔsabolo la ɖo.
3
Le xɔmetsovɔ evelia megbe la, agbadɔ bubu li. Woyɔa eya be Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe.
4
Nu siwo le afi sia la woe nye sikavɔsamlekpui si dzi wotɔa dzo lifi le, nubablaɖaka si ŋu wofa sika ɖo keŋ kpe ɖo. Nubablaɖaka la me nuwoe nye sikaze aɖe, si me mana le, Aron ƒe ati lalã si dzè kple nuŋlɔkpe eve siwo dzi woŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖo.
5
Kerubiwo le aɖaka sia tame siwo le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖem fia, eye wodo vɔvɔli ɖe zikpui si gbɔ wokpɔa nublanui na ame la dzi. Míate ŋu aƒo nu tso nu siawo ŋu tsitotsito fifia o.
6
Esi woɖo nuawo ɖi alea la, nunɔlawo yina ɖe agbadɔ gbãtɔ, si le gota gome la me edziedzi ɖasubɔna le afi ma.
7
Ke nunɔlagã koe gena ɖe agbadɔ evelia ya me, zi ɖeka ƒe ɖeka. Ne eyina la, etsɔa lãʋu ɖe asi. Ʋu siae wòtsɔna naa Mawu ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta.
8
To esia me, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fia be zi ale si agbadɔ ŋgɔgbetɔ la gali ko la, mɔ meʋu be woage ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la o.
9
Esia nye nufiame aɖe le egbeŋkeke siawo ŋu. Togbɔ be wonaa nunanawo kple vɔsanuwo le ɖoɖo sia nu hã la, womete ŋu wɔnɛ be mawusubɔla ƒe dzitsinya ŋu kɔna keŋkeŋ o,
10
elabe nu siawo katã ku ɖe nuɖuɖu, nunono kple kɔnu ƒomevi vovovo siwo ku ɖe ame ƒe ŋutilãŋukɔkɔ ko ŋu. Wowɔ ɖoɖo siawo katã na amegbetɔ, va se ɖe esime woava ɖɔ nuwo ɖo.
11
Ke Kristo va do abe nunɔlagã ene na nu nyui siwo va la. Enye nunɔla le agbadɔ si lolo, eye wòde blibo sãa wu xoxotɔ la me. Eya la, menye asie wotsɔ tui o, si gɔmee nye be metso xexe sia me o.
12
Kristo ge ɖe Kɔkɔeƒe la zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. Menye gbɔ̃tsu kple nyivi ƒe ʋue wòtsɔ yii o; ke boŋ eya ŋutɔ ƒe ʋue! Ale wòwɔe be Mawu naxɔ mí ɖe agbe tegbee.
13
Gbɔ̃tsu kple nyitsu ƒe ʋu kpakple nyinɔ si wotɔ dzoe wòfiã la ƒe afie wotsɔna wuna ɖe ame makɔmakɔ ŋu, eŋuti kɔna.
14
Ke Kristo to Gbɔgbɔ mavɔ la dzi tsɔ eya ŋutɔ ɖokui na Mawu abe vɔsanu si ŋu mokaka mele o la ene. Ale ke wɔ eƒe ʋu sia maklɔ míaƒe dzitsinya ŋu tso dɔwɔna siwo me viɖe aɖeke mele o la me, bene wòana míasubɔ Mawu gbagbe la nyuie wu o mahã?
15
Esia ta Kristo nye ame si tsɔ nubabla yeye la lé avui, ale be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinu mavɔ, si ŋugbe wodo la. Esia va eme elabe amee ku, eye esia ɖe vodada siwo nɔ anyi le nubabla xoxo la ŋɔli ɖa.
16
Godoo la, ne ame meku o la, womewɔa eƒe domenyigbalẽ ŋudɔ o.
17
Zi ale si ame si wɔ domenyigbalẽ la gale agbe la, womate ŋu awɔ agbalẽa ŋudɔ o.
18
Esia ta wotsɔ ʋu ɖo kpe nubabla xoxotɔ gɔ̃ hã dzii.
19
Le susu sia ta la, ne Mose ɖe gbeƒã sedede ɖe sia ɖe na dukɔ bliboa vɔ la, etsɔa nyivi kple gbɔ̃tsu ƒe ʋu kple tsi kpena ɖe alẽfu dzĩ kple hisɔp ŋu wuna ɖe agbalẽ la kple ameawo dzi
20
hegblɔna be: “Nubabla ƒe se si Mawu de na mi la ƒe ʋue nye esi.”
21
Etsɔa ʋu la wuna ɖe agbadɔa kple nu siwo katã ŋudɔ wowɔna le subɔsubɔa me la hã dzi.
22
Le nyateƒe me le sea nu la, ʋue wotsɔna kɔa nu sia nu kloe ŋui, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, wometsɔa nuvɔ̃ kena o.
23
Ale ehiã be woawɔ kɔnu siawo atsɔ akɔ nu siwo ɖi dziƒonuwo ko la ŋutii. Ke le dziƒonuwo ŋutɔ gome la, wotsɔ vɔsanu siwo nyo wu anyigbadzitɔwo la kɔ wo ŋutii.
24
Elabe Kristo meyi ɖe Kɔkɔeƒe si wotsɔ asi tui, eye wònye vavãtɔ la ƒe kpɔɖeŋu ko la me o, ke boŋ dziƒo ŋutɔe wòyi, afi si wòle Mawu ŋkume ɖe mía teƒe le.
25
Meyi ɖe afi ma be yeatsɔ ye ɖokui anɔ vɔsamee edziedzi, abe ale si nunɔlagã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple lãʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o.
26
Nenye nenemae wòle la, anye ne fukpekpe dzi ko Kristo anɔ tegbee tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke. Ke ale si wòle fifia la, Kristo va zi ɖeka hɔ̃ ko le xexea me ƒe nuwuwu ŋkeke siawo me, bene yeatsɔ ye ŋutɔ ye ɖokui asa vɔe, aɖe nuvɔ̃ ɖa.
27
Mawu ɖoe ɖi be amegbetɔ naku zi ɖeka ko, eye le eya megbe la, woadrɔ̃ ʋɔnui.
28
Nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka ko, bene wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa. Ale ne egava zi evelia la, magawɔ naneke le nuvɔ̃ ŋuti o, ke boŋ ame siwo le mɔ kpɔm nɛ vevie la ko wòaxɔ ɖe agbe.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13