bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 8
Hebrews 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 9 →
1
Azɔ la, nya vevitɔ si le nya si gblɔm míele la me lae nye be: Nunɔlagã sia le mía si. Ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Bubutɔgã la ƒe fiazikpui ƒe ɖusime le dziƒo.
2
Nunɔlagã sia subɔna le kɔkɔeƒe si nye agbadɔ vavãtɔ la me. Aƒetɔ la ŋutɔe tu agbadɔ sia, ke menye amegbetɔ o.
3
Woɖoa nunɔlagã ɖe sia ɖe be wòatsɔ nunanawo ana eye wòasa vɔ, eya ta ele vevie be nane nanɔ nunɔla sia hã si bene wòatsɔ ana.
4
Azɔ la, nenye be anyigba dzie wòle la, manye nunɔla kura o, elabe nunɔla siwo naa nu ɖe se la nu la li xoxo.
5
Nunɔladɔ si wowɔna la ɖi dziƒotɔ le go aɖe ko me, eye wònye nukpɔwɔɖeŋu aɖe ko. Elabe esi Mose be yeatu agbadɔa la, Mawu gblɔ nɛ be: “Kpɔ egbɔ nàwɔ nu sia nu ɖe nɔnɔme si wofia wò le toa dzi la nu.”
6
Ke subɔsubɔdɔ si le Kristo si la nyo wu xoxotɔ sãa, abe ale si nubabla si wòtsɔ lé avu lae hã nyo wu ene, elabe wotu eya ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu la dzi.
7
Ne vodada aɖeke ɖe mele nubabla gbãtɔ ma ŋu o la, anye ne magahiã be woabla nu yeye o.
8
Ke Mawu kpɔ vodada le amewo ŋu esime wògblɔ be: “Aƒetɔ la be: Ŋkeke gbɔna esime mawɔ nubabla yeye kple Israel ƒe aƒe la kple Yuda ƒe aƒe la.
9
Nubabla sia manɔ abe esi mewɔ kple wo tɔgbuiwo, esime melé woƒe alɔnu kplɔ wo do goe tso Egipte-nyigba dzi la ene o. Elabe womewɔ nuteƒe le nu, si mebla kple wo la me o; ale nye hã nyemetsɔ ɖeke le eme na wo o. Ale gblɔm Aƒetɔ la le nye esi.”
10
Aƒetɔ la gagblɔ be: “Le ŋkeke ma megbe la, nu, si mele babla ge kple Israel ƒe aƒe lae nye esi: Matsɔ nye sewo ade woƒe susu me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dzi ŋu. Manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ.
11
Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be: ‘Dze si Aƒetɔ la’ o, elabe ame sia ame ŋutɔ ladze sim tso ɖevi suetɔ dzi va se ɖe ame tsitsitɔ kekeake dzi.
12
Elabe makpɔ nublanui na wo le nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ la ta, eye nyemagaɖo ŋku nuvɔ̃ siwo wowɔ la dzi akpɔ o.”
13
Esi wògblɔ be nubabla “yeye” la, efia be ena gbãtɔ la do xoxo. Azɔ nu si tsi, do xoxo vɔ la, eteƒe madidi hafi wòabu ɖa o.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13