bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 5
Hebrews 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 6 →
1
Elabe nunɔlagã ɖe sia ɖe si wotia tso amewo dome la, ɖe woɖoe anyi be wòanɔ Mawu kple amewo dome awɔ dɔ ɖe amewo teƒe. Eƒe dɔe nye be wòanɔ amewo teƒe atsɔ nunanawo na Mawu, eye wòasa vɔ ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta.
2
Nunɔlagã sia te ŋu gbɔa dzi blewuu na ame manyanuwo kple mɔtralawo, elabe eya ŋutɔ hã gbɔdzɔna.
3
Le esia ta, ele nɛ be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃wo kple ame bubuwo tɔ siaa ta.
4
Ame aɖeke meɖoa eɖokui nunɔlagãe hedea bubu sia eɖokui ŋu o, ke boŋ Mawue yɔnɛ abe ale si wòyɔ Aron ene.
5
Ale Kristo hã medo eɖokui ɖe dzi be woaɖo ye nunɔlagãe o, ke Mawue ɖoe hegblɔ be: “Vinye ŋutsuvi nènye; egbea ye medzi wò.”
6
Egagblɔ le teƒe bubu aɖe hã be: “Nunɔla nènye tso mavɔ me yi mavɔ me, abe Melxizedek ene.”
7
Esime Yesu nye amegbetɔ la, edo gbe ɖa ɖe kuku vevie kple ɣli bobobo kpakple aɖatsi na ame si te ŋu ɖee tso ku me la. Mawu se eƒe gbedodoɖa kple kukuɖeɖe la, elabe evɔ̃a Mawu.
8
Togbɔ be Mawu Vi wònye hã la, esrɔ̃ toɖoɖo to fu siwo wòkpe la me.
9
Esi Mawu wɔe wòde blibo le go sia go me vɔ la, eva zu ame si dzi ame siwo katã ɖoa toe la tona kpɔa ɖeɖe mavɔ.
10
Eyae nye ame si Mawu wɔ wònye nunɔlagã abe Melxizedek ene.
11
Nya geɖewo le mía si, siwo míedi be míagblɔ tso nya sia ŋu hafi, gake wo gbɔgblɔ nye dɔ, elabe miete ŋu le nu gɔme sem kabakaba o.
12
Esia le eme elabe togbɔ be ele be miawo hã mianye nufialawo fifia hafi hã la, miegahiã ame bubu be wòagafia gɔmedzenu gbãtɔ, siwo le mawunya me la mi. Miele abe vidzĩ siwo gahiã notsi ko, ke menye nuɖuɖu sesẽ o la ene.
13
Ame sia ame si le notsi nom la, ɖevi ko wòganye, eye menya naneke le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu o.
14
Ke ame tsitsiwoe ɖua nu sesẽ. Woawo la, wohe woƒe susu le nu geɖe me. Esia na be wote ŋu dea vovototo nyui kple vɔ̃ dome.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13