bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hebrews 13
Hebrews 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
1
Mina nɔvilɔlɔ̃ naxɔ aƒe ɖe mia me ɖaa.
2
Migagbe amedzroxɔxɔ o, elabe to esia me la, amewo xɔ mawudɔlawo amedzrowoe gake womenya o.
3
Miɖo ŋku gaxɔmenɔlawo dzi abe mia kple woawoe le gaxɔa me ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole funyafunya wɔmee la hã dzi, abe ŋutilã ɖekae li na mi kple wo ene.
4
Mide bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu le mia dome, eye srɔ̃tɔwo nawɔ nuteƒe na wo nɔewo, elabe Mawu adrɔ̃ ʋɔnu matrewɔlawo kple ahasiwɔlawo.
5
Miɖe galɔlɔ̃ ɖa keŋ le miaƒe agbenɔnɔ me, eye nu si le mia si la, nedze mia ŋu, elabe Mawu gblɔ be: “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò, alo agblẽ wò ɖi akpɔ o.”
6
Eya ta míate ŋu agblɔ dzideƒotɔe be: “Aƒetɔ lae nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”
7
Miɖo ŋku miaƒe kplɔla siwo gblɔ Mawu ƒe nya na mi la dzi. Milé ŋku ɖe ale si woƒe agbenɔnɔ va wu nui la ŋu, ne miakpɔ ale si woxɔ Mawu dzi see asrɔ̃.
8
Yesu Kristo ɖeka ma koe nɔ anyi tsã, eyae gali fifia eye wòanɔ anyi tegbee.
9
Migana nufiafia ƒomevi vovovo, siwo nu ta mele o la, nakplɔ mi atrae o. Mawue vea mia nu doa ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye se siwo ku ɖe nuɖuɖuwo ŋu, eye womekpena ɖe ame siwo wɔa wo dzi la ŋu o lae o.
10
Vɔsamlekpui aɖe le mía si; ame siwo subɔna le agbadɔa me la, mekpɔ mɔ aɖu edzi nu o.
11
Nunɔlagã la tsɔa lãʋu yia kɔkɔeƒe la abe vɔsa ene ɖe amewo ƒe nuvɔ̃wo ta, ke wotɔa dzo vɔsalã la ŋutɔ le asaɖa la godo.
12
Nenema ke Yesu hã kpe fu le dua godo, bene yeakɔ ameawo ŋu kple eya ŋutɔ ƒe ʋu.
13
Eya ta mina míawo hã míayi ɖe egbɔ le asaɖa la godo bene woado ŋukpe mí, abe ale si wodo ŋukpe eya hã ene faa.
14
Elabe du aɖeke mele mía si le xexe sia me si anɔ anyi ɖaa o; ke du si gbɔna la dim míele.
15
Eya ta mina míato Kristo dzi anɔ kafukafu si le abe vɔsa ene la tsɔm na Mawu ɣe sia ɣi. Eyae nye nu si dona tsoa ame siwo xɔ eŋkɔ dzi se la ƒe nu me.
16
Migaŋlɔ nu nyui wɔwɔ kple nunana ame be o, elabe vɔsa siawoe dzea Mawu ŋu.
17
Miɖo to miaƒe kplɔlawo, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo, elabe woawoe le mia ŋu dzɔm abe ame siwo lana akɔnta la ene. Mina woawɔ esia kple dzidzɔ, ke menye kple dzi kpekpe o, elabe eya maɖe vi na mi o.
18
Mido gbe ɖa ɖe mía ta. Míeka ɖe edzi be míaƒe dzime kɔ, eye míedi be míawɔ nu bubutɔe le nu sia nu me.
19
Mele biabiam tso mia si vevie be miado gbe ɖa, ale be Mawu nagana mava mia gbɔ kpuie.
20
Mawu Ŋutifafanala, ame si fɔ Aƒetɔ Yesu, alẽawo ƒe kplɔlagã la tso ame kukuwo dome, to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,
21
netsɔ nu nyuiwo katã na mi faa, ale be miate ŋu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Neto Yesu Kristo dzi, ne wòawɔ nu si dzea eŋu la le mia me. Eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
22
Nɔvinyewo, togbɔ be nu si meŋlɔ ɖo ɖe mi mesɔ gbɔ o hã la, mele kuku ɖem na mi be miawɔ ɖe nye nuxlɔ̃amenyawo dzi.
23
Mele nyanya nam mi be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Nenye be wòva ɖo gbɔnye teti ko la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.
24
Medo gbe na miaƒe kplɔlawo kple ame siwo katã ŋu wokɔ la. Ame siwo katã tso Italia va la do gbe na mi.
25
Mawu neve mi katã mia nu. Amen.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13