bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 1
Hosea 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 2 →
1
Gbedeasi sia nye nya si Aƒetɔ gblɔ na Hosea, Beer vi, be wòayi aɖagblɔ esime Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya nye fiawo le Yuda, eye Yerobeam, Yoas vi, nye fia le Israel.
2
Esime Aƒetɔ ƒo nu to Hosea dzi zi gbãtɔ na Israel la, egblɔ na Hosea be: “Yi nàɖe gbolo ne wòadzi ahasiviwo na wò. Elabe dukɔ la mewɔ nuteƒe nam o, eye wotrɔ le Aƒetɔ yome.”
3
Ale Hosea yi ɖaɖe srɔ̃. Eŋkɔe nye Gomer, Diblayim vinyɔnu. Edzi ŋutsuvi nɛ.
4
Aƒetɔ gblɔ na Hosea be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be ‘Yezreel’, elabe eteƒe madidi o mahe to na Israel-fia le ame siwo wo tɔgbui Yehu wu le Yezreel la ta. Mana Israel-fiaɖuƒe la agbã.
5
Ɣe ma ɣi me la, maxɔ aʋawɔŋusẽ le Israel-dukɔ si le Yezreel-bali me.”
6
Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Aƒetɔ gblɔ na Hosea be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be: ‘Amemakpɔnublanuina’ elabe nyemagakpɔ nublanui na Israel alo atsɔ nu akee azɔ kura o.
7
Ke makpɔ nublanui na Yudatɔwo ya. Nye Aƒetɔ, woƒe Mawu la, maxɔ na wo gake manye to aʋawɔwɔ me ale be matsɔ da kple dati, yi, sɔ kple sɔdolawo axɔ na woe o.”
8
Esi Gomer tso no na Amemakpɔnublanuina la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi.
9
Aƒetɔ gblɔ na Hosea be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be ‘Amemanyenyedukɔe’ elabe mienye nye dukɔ o, eye nye hã nyemenye miaƒe Mawu o.”
10
Israel-dukɔmetɔwo ava sɔ gbɔ fũu abe ƒutake ene; womate ŋu adzidze wo alo axlẽ wo o. Ke afi si wogblɔ na wo le be: “Mienye nye dukɔ o” la, woagblɔ na wo be: “Mawu gbagbe la viŋutsuwo.”
11
Woaƒo ƒu Yuda-dukɔ kple Israel-dukɔ eye woatia tatɔ ɖeka na wo ɖokui. Woaho adzo le anyigba la dzi, elabe Yezreel ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14