bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 14
Hosea 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
1
Israel, gatrɔ va Aƒetɔ, wò Mawu la gbɔ, elabe miekli nu le miaƒe vodadawo ta.
2
Nya siawo nenɔ mia nu miatrɔ ayi Aƒetɔ gbɔ aɖagblɔ nɛ be: “Tsɔ vodadawo katã ke, xɔ nu si nyo eye míana nu si míeke nu gblɔ be míana la.
3
Asiria maxɔ na mí o, míele sɔwo do ge o. Míagagblɔ na legba siwo míewɔ kple asi la azɔ be, ‘Mía Mawu’ o. Wòe kpɔa nublanui na tsyɔ̃eviwo.”
4
Mayɔ dɔ woƒe nuteƒemawɔmawɔ. Malɔ̃ wo tso dzime ke, elabe nye dzi fa ɖe wo ŋu azɔ.
5
Manɔ na Israelviwo abe zãmu ene. awɔ abe dzogbenya ene, eye wòali ke zã abe ati siwo le Lebanon ene.
6
Eƒe alɔwo avu dranyii, eye wòanyakpɔ abe amiti ene. Woanɔ ʋeʋẽm lílili abe ati siwo le Lebanon ene.
7
Woatrɔ va anɔ nye vɔvɔli te. Woawɔ nyuie abe abɔ ene. Woatse abe wainka ene, eye woaʋẽ lílili abe Lebanon-wain ene.
8
Efrayim, nu ka mawɔ kple legbawo? Nyee ɖoa miaƒe gbedodoɖawo ŋu, eye meléa be na mi. Mele abe sesewu dama ene, gbɔnyee miaƒe kutsetse tso.
9
Ame si nye nunyala la, nese nu siawo gɔme, eye ame si sea nugɔme la nedze sii; elabe Aƒetɔ ƒe mɔwo dzɔ, eye ame dzɔdzɔewo zɔa edzi, ke ame vɔ̃ɖiwo klia nu dzea anyi ɖe edzi.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14