bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 5
Hosea 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 6 →
1
Nunɔlawo, mise nya sia! Israel ƒe aƒe, zi ɖoɖoe! Fiaƒemetɔwo, miƒu to anyi miasee! Elabe miawoe wole ʋɔnua drɔ̃ gee. Miezu mɔ̀ le Mizpa kple ɖɔ si woɖo ɖe Tabor-to dzi,
2
eye miaƒe aglãdzelawo ƒe nuvɔ̃wo do fievo, ke mahe to na mi katã.
3
Menya ale si Efrayim le, eye Israel mele ɣaɣla ɖem o. Efrayim, èwɔ ahasi; Israel, ègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò.
4
Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, ale be womagatrɔ ayi woƒe Mawu la gbɔ o. Elabe ahasiwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le wo me eye womedze si Aƒetɔ o.
5
Israel ƒe dàda le ɖase ɖim le eƒe mo. Efrayim akli nu adze anyi, ɖe eƒe fɔɖiɖi me; eye Yuda hã akli nu akpe ɖe wo ŋu.
6
Woatsɔ alẽwo kple nyiwo aɖadi Aƒetɔ, ke womakpɔe o, elabe ete ɖa le wo gbɔ.
7
Womewɔ nuteƒe na Aƒetɔ o, eye wodzi gbɔmeviwo. Azɔ dzinu yeye avuvu woawo kple woƒe anyigba la siaa.
8
Miku lãdzo le Gibea! Kpẽ neɖi le Rama! Miƒu asi nu le Betel! Benyamin, dzo nyànyanya!
9
Efrayim azu gbegbe le tohegbe; meɖe gbeƒã nu si le eme va ge godoo le Israel-toawo dome.
10
Yuda-megãwo zu abe ame siwo ŋea liƒo ɖe me ene; woawo dzie matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖo abe tsi ene.
11
Wote Efrayim ɖe anyi, eye wohe to nɛ, bɔbɔe ɖe anyi elabe eɖoe kplikpaa dze nu maɖinuwo yome.
12
Eya ta mele abe agbagblaʋui ene, na Efrayim, eye mele abe ŋɔ si ɖua nu ene na Yuda ƒe aƒe la.
13
Esi Efrayim kpɔ be yedze dɔ, eye Yuda kpɔ abi si le eya ŋutɔ ŋu la, Efrayim yi Asiria, eye wòdɔ ame ɖe fia gã la. Ke mete ŋu da gbe le ŋuwò alo yɔ dɔ wò abi la o.
14
Elabe manɔ abe dzata ene na Efrayim, abe dzata ɖekakpui ene na Yuda ƒe aƒe la. Nye, nye gɔ̃ hã, avuvu nu ahadzo; makɔe adzoe, eye ame aɖeke mate ŋu axɔe o.
15
Matrɔ ayi nye nɔƒe va se ɖe esime wodze sii be yewoɖi fɔ, eye wodi nye ŋkume, eye le woƒe xaxa me la, wodim gblɔ b
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14