bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 2
Hosea 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 3 →
1
Miyɔ mia nɔviŋutsu be “Nyedukɔ”, eye miyɔ mia nɔvinyɔnu be “Nyeamekpɔnublanuina.”
2
“Miƒo koko na mia nɔ, Miƒo koko nɛ - elabe menye srɔ̃nye o, eye nyemenye srɔ̃a o - be wòaɖe gbolowɔwɔ le mo kple ahasiwɔwɔ ɖa le eƒe nowo domee.
3
Ne menye nenema o la, maɖe amae, eye mawɔe wòanɔ abe gbe si gbe wodzii ene. Mawɔe wòanɔ abe gbedadaƒo ene, wòanɔ abe kuɖiɖinyigba ene, eye mana tsikɔ nawui wòaku.
4
Nyemakpɔ nublanui na mi viawo hã o, elabe ahasiviwo wonye.
5
Elabe wo nɔ wɔ gbɔlo; eye ame si dzi wo wɔ ŋukpenanu. Elabe egblɔ be: ‘Matrɔ ayi nye ahiãviwo gbɔ, woawoe naa nye nuɖuɖu kple tsim, nye alẽfu kple anazi, nye ami kple wain nunonom.’
6
Eya ta matsɔ ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, maɖo gli aƒo xlã eyama ale be mate ŋu akpɔ eƒe toƒewo o.
7
Ati eƒe ahiãviwo yome, ke eƒe asi matu wo o; adi wo, ke make ɖe wo ŋu o. Tete agblɔ be: ‘Magbugbɔ ayi srɔ̃nye gbãtɔ gbɔ, elabe enyo nam tsã wu fifia.’
8
Ke medze sii be nyee nye ame si naa bli, wain kple ami, ame si naa klosalo kple sika geɖe siwo ŋudɔ wowɔna le Baal gbɔ la o.
9
Eya ta magbugbɔ axɔ nye bli ne ɣeyiɣia ɖo edzi, maxɔ nye wain, ne azãgbea ɖo edzi. Maxɔ nye alẽfu kple nye anazi siwo xea eƒe ama me.
10
Azɔ la, maklo nu le eƒe ŋukpeƒe dzi le eƒe ahiãviwo ŋkume, eye ame aɖeke maxɔe le asinye o.
11
Matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã nu: ƒetatrɔ ŋkekenyuiwo, ɣleti dzedzi ŋkekenyuiwo dzudzɔgbewo, kple eƒe ŋkekenyui ɖoɖiwo katã.
12
Magblẽ eƒe wainka kple gboti siwo ŋu wògblɔ le be: ‘Esiawo nye fetu, siwo nye ahiãviwo nam’ esime yewonɔ zɔzɔm la dome. Mana woazu ave, eye gbemelãwo avuvu wo.
13
Mahe to nɛ ɖe Baalwoƒe ŋkekenyuiwo ta, esime wòdo lifidzudzɔ na wo, eye wòɖo atsyɔ̃ na eɖokui kple eƒe asigɛ kpakple atsyɔ̃ɖonuwo hekplɔ eƒe ahiãviwo ɖo, eye wòŋlɔm be, Aƒetɔ lae gblɔe.”
14
“Eya ta kpɔ ɖa, mable enu akplɔe va gbedadaƒo, eye maƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe.
15
Magatrɔ eƒe waingblewo nɛ le afi ma, eye mawɔ Azor-bali la wòazu mɔkpɔkpɔ ƒe ʋɔtru. Aɖo eŋu le afi ma abe eƒe ɖetugbimenɔɣi ene abe esime wòʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.
16
Aƒetɔ be: “Le ɣe ma ɣi me la, àyɔm be ‘Srɔ̃nye’, eye màgayɔm be ‘Nye Baal’ azɔ o.
17
Elabe maɖe Baalwo ŋkɔ ɖa le eƒe nu me, eye womagayɔ wo ŋkɔ azɔ o.
18
Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu kple gbemelãwo kple xewo kpakple nutatawo katã ɖe nye dukɔ nu. Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi, eye mana woamlɔ anyi anɔ dedie.
19
Matsɔ wò awɔ nye ŋugbetɔe tegbee. Matsɔ wò ana ɖokuinye le nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me, nànye nye ŋugbetɔ.
20
Matsɔ wò ana ɖokuinye le nuteƒewɔwɔ me, eye àdze si Aƒetɔ.”
21
“Aƒetɔ be: “Ɣe ma ɣi la maɖo eŋu na dziƒowo eye woawo hã aɖo eŋu na anyigba.
22
Anyigba aɖo eŋu na bli, wain kple ami, eye woawo hã aɖo eŋu na Yezreel.
23
Maƒãe na ɖokuinye ɖe anyigba la dzi. Makpɔ nublanui na Amemakpɔnublanuina; eye magblɔ na Amemanyenyedukɔ be, ‘Nye dukɔe nènye’, eye eya agblɔ be, ‘Wòe nye nye Mawu.’ ”
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14