bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 8
Hosea 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 9 →
1
Tsɔ kpẽ ɖo nu nàku! Elabe akaga aɖe le Aƒetɔ ƒe aƒe la tame, esi wotu nye nubabla la ta, esi wogbe nye se la ta.
2
Israel yɔam be, nye Mawu, mí Israelviwo míedze si wò.
3
Ke Israel gbe nyuiwɔwɔ; futɔ la anya wo ɖe nu.
4
Woɖo fiawo, ke wometo dzinye o. Woɖo amegãwo, ke nyemenya naneke le wo ɖoɖo ŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika kɔ̀ legba, siwo atsrɔ̃ woawo ŋutɔ.
5
Samaria, wò nyivi la le ŋu nyɔm nam. Medo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. Ɣe ka ɣi gɔ̃ woava zu ame dzadzɛwo
6
le Israel? menye Mawu wònye o. Woagbã Samaria-nyivi la gudugudu.
7
Yae woƒã, eye yali woaŋe. Bli matse ku le woƒe agble me o. Ne etse ku gɔ̃ hã la, amedzrowo koe ava ɖui.
8
Womi Israel; wole dukɔwo dome abe ze gbagbã si ŋudɔ womagawɔ o la ene xoxo.
9
Elabe woyi Asiria, gbetedzi tsiakogo le tsa glalã tsam, ke Efrayim ya na nu eƒe ahiãviwo.
10
Togbɔ be wona nu amedzrowo le dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu kpuie, eye woadzudzɔ amisisi na fiawo kple amegãwo vie.
11
Elabe Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo fũu be woatsɔ awɔ nuvɔ̃e, wova zu vɔsamlekpuiwo nɛ na nuvɔ̃ wɔwɔ.
12
Ne meŋlɔ nye se akpe nanewo nɛ hã, ɖeko wòbua wo abe ame tutɔ tɔwoe wonye ene.
13
Wolɔ̃ vɔsasa; wotsɔa lã saa vɔe eye woɖunɛ. Ke woƒe nu medze Aƒetɔ ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vododawo dzi, eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta. Woagbugbɔ ayi Egipte.
14
Elabe Israel ŋlɔ wo Wɔla be, eye wòtu fiasãwo. Yuda dzi du sesẽwo ɖe edzi; ke maɖo dzo ɖe eƒe duwo me eye wòafiã eƒe mɔ́ sesẽwo.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14