bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 10
Hosea 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 11 →
1
Israel nye wainka ʋaʋã si tse fũu. Ne eƒe kutsetse dzi ɖe edzi la, ekema eɖia vɔsamlekpuiwo hã fũu. Ne eƒe anyigba ʋã nu la, eme legba nyakpɔwo ɖe eŋu.
2
Woƒe dzi metoa nyateƒe o. Azɔ la, ele be woatsɔ woƒe fɔɖiɖi ƒe agba. Aƒetɔ agbã woƒe vɔsamlekpuiawo, eye wòatsrɔ̃ woƒe legbawo.
3
Elabe azɔ la, wòagblɔ be: “Fia aɖeke mele mía si o, elabe míevɔ̃a Aƒetɔ o. Evɔ ɖe fia, nu ka wòate ŋu awɔ na mí?”
4
Wogblɔa yakanyawo, woblaa nu kple wo nɔewo hekaa atam dzodzro ƒua edzi. Ale ʋɔnudɔdzɔ̃ amie abe aɖigbe le bo dzi le agble me ene.
5
Samarianɔlawo adzo nyànyanya, na Bet-Aven nyivi la. Eƒe amewo afa konyi nɛ, eye eƒe trɔ̃nuawo afa avi ɖe eŋuti; afa eƒe ŋutikɔkɔe si dzo le edzi la.
6
Ẽ, woakɔ nua ŋutɔ ayi Asiria abe adzɔ ene na fia gã la. Woado ŋukpe Efrayim, eye ŋukpe alé Israel le eƒe legba ta.
7
Samaria-fia atsrɔ̃ abe ati fefee le tɔ ŋgɔ ene.
8
Nuxeƒe siwo le Aven, si nye Israelviwo ƒe nuvɔ̃ la, woatsrɔ̃e. Ŋuwo kple aŋɔkawo awɔ ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi, eye woagblɔ na towo be: “Mitsyɔ mía dzi!” na togbɛwo be: “Mimu dze mía dzi!”
9
Israel, tso Gibea ŋɔli ke miewɔ nuvɔ̃; afi mae woyi ewɔwɔ dzi tsoe. Ɖe aʋa matu wo le Gibea oa?
10
Mava ɖe dukɔ gbegblẽ ŋu, eye woaƒo dukɔwo nu ƒu ɖe wo ŋu, eye woahe to na wo ɖe woƒe vodada eveawo ta.
11
Efrayim nye nyivi mamla si lugudugudu dzɔa dzi na, eye nyemeɖe fu na eƒe kɔ nyui la o; ke azɔ la, made kɔkuti na Efrayim. Ele be Yuda naŋlɔ nu eye ele be Israel nadzoboe na eɖokui.
12
Miƒã nu dzɔdzɔe wɔwɔ na mia ɖokui, miŋe lɔlɔ̃ si anɔ anyi ɖaa, mide agble yeye. Elabe ɣeyiɣi de be miadi Aƒetɔ, be wòana agbexɔxɔ nadza ɖe mia dzi abe tsi ene.
13
Mieƒã nuvɔ̃ɖi wɔwɔ, ŋe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ tso eme, eye mieɖu alakpadada si nye eƒe kutsetse. Esi nèɖo ŋu ɖe wò tasiaɖamwo kple aʋawɔla gbogboawo ŋu ta la,
14
aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome eye woagbã wò mɔ́wo katã, abe ale si Salman gbã Bet-Arbel le aʋawɔgbe ene; woxlã vi nɔwo kple wo viwo ɖe nu wokaka.
15
Israel ƒe aƒe, alea wole wɔ wò gee, le wò nuvɔ̃ɖi wɔwɔ vivivo la ta. Le ahom la me la, woawu Israel-fia ya keŋkeŋ. eŋ.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14