bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 4
Hosea 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 5 →
1
Israel-dukɔ, mise Aƒetɔ ƒe nya, elabe Aƒetɔ tsɔ nya ɖe ame siwo le anyigba la dzi la ŋu. Nuteƒewɔwɔ alo dɔmenyowɔwɔ kple sidzedze Mawu megale anyigba la dzi o.
2
Wokaa atam dzodzro, daa alakpa, wua ame, fia fi, eye wowɔa ahasi. Wowɔa nu gbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi faa, eye wole amewuwu dzi ɣe sia ɣi.
3
Eya ta anyigba le konyi fam, eye nu siwo katã le edzi le veve sem; wokplɔ gbemelãwo kple dziƒoxewo, kpakple ƒumelãwo kekeake hã dzoe.
4
Migana ame aɖeke nahe nya kple ame aɖe alo aka mo nɛ o, elabe mi nunɔlawo ŋue metsɔ nya ɖo.
5
Àkli nu le ŋkeke me, eye nye gbeƒãɖelawo hã akli nu akpe ɖe ŋuwò le zã me, eye matsrɔ̃ mia nɔ.
6
Wotsrɔ̃ nye dukɔ elabe sidzedze mele esi o. Esi nègbe nu le sidzedze gbɔ ta la, nye hã megbe be màganye nunɔla nam o. Esi mieŋlɔ mia Mawu ƒe se la be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be.
7
Ale si wole agbɔ sɔm ɖe edzii la, nenemae woƒe vɔ̃wɔwɔ ɖe ŋunye le agbɔ sɔm ɖe edzii. Eya ta matrɔ bubu si le wo ŋu la wòazu ŋukpe.
8
Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃ zu nuɖuɖu na wo; dɔ le wo wum vevie, ɖe woƒe vodada ŋu.
9
Ava eme na dukɔ la abe nunɔla ene. Mahe to na wo ɖe woƒe mɔwo ta, eye maɖo woƒe nuwɔnawo teƒe na wo.
10
Woaɖu nu, ke maɖi na wo o; woawɔ gbolo, ke womadzi ɖe edzi o; elabe wogblẽ Aƒetɔ ɖi, hele dzidzɔ kpɔm le gbolowɔwɔ ŋu.
11
Wain kple wain yeye kplɔa nugɔmesese dzonae.
12
Nye dukɔ le gbe biam nu si wotsɔ ati wɔe la. Atizɔtie gblɔa nya na wo! Elabe gbolowɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, eye wodzo le woƒe Mawu gbɔ be yewoaɖawɔ gbolo.
13
Wosaa vɔ le towo tame, eye wowɔa nunanawo le togbɛwo dzi le fɔfɔlĩwo, sesewuwo kple logotiwo te, elabe woƒe vɔvɔli nyo. Le esia ta mia vinyɔnuviwo zu gbolowo, eye miaƒe ŋugbetɔwo le ahasi wɔm.
14
Nyemahe to na mia vinyɔnuviwo, ne wowɔ gbɔlo o, alo miaƒe ŋugbetɔwo, ne wowɔ ahasi o, elabe ŋutsuawo ŋutɔ zɔna kple gbɔlowo le adzame eye wosaa vɔ kple mawu ƒeme gbolowo, ale dukɔ masenugɔme atsrɔ̃.
15
O Israel, togbɔ be nèle gbɔlo wɔm hã la, mègana Yuda naɖi fɔ o. Migage ɖe Gilgal loo, alo miayi Bet-Aven o, eye migatà nu be, “Esi Aƒetɔ le agbe la” o.
16
Abe nyinɔ dzeaglã ene la, Israel dze aglã. Ɖe Aƒetɔ ate ŋu anyi wo azɔ abe alẽvi ene le gbeɖuƒe gbadzaa?
17
Efrayim dze xɔlɔ̃ legbawo. Mina wòawɔ nu si dze eŋu.
18
Wonoa wain geɖe, eye wowɔa ahasi. Ŋukpenanuwɔwɔ doa dzidzɔ na wo.
19
Yaƒoƒo bla wo ɖe eƒe aʋalawo me, eye ŋukpe alé wo le woƒe vɔsamlekpuiwo ta.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14