bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 11
Hosea 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 12 →
1
Esi Israel nye ɖevi la, melɔ̃e, eye Egipte ye meyɔ vinye le.
2
Zi ale si mele wo yɔm la, zi nenema ke wotrɔa megbe deam. Woyi dzi le vɔ sam na Baalwo, eye wole lifidzudzɔ dom na legbawo.
3
Evɔ wònye nyee fia azɔlizɔzɔ Israel, eye mekɔe ɖe nye abɔwo dome hafi; ke womedze sii be nyee da gbe le yewo ŋu o.
4
Mehe wo ɖe ŋunye kple lɔlɔ̃ abe kae mede wo he ene. Menɔ na wo abe ame si ɖea kɔkuti le kɔ na ame ene. Mebɔbɔ na nu wo woɖu.
5
Woatrɔ ayi Egipte-nyigba dzi, eye Asiria anye woƒe fia, elabe wogbe be yewomatrɔ ava gbɔnye o.
6
Yi atso ɖe woƒe duwo ŋu, aŋe duawo ƒe agbowo keŋ, eye wòavuvu wo le woƒe mɔ́wo me.
7
Aglãdzedze ɖe ŋunye doa dzidzɔ na nye dukɔ. Woɖoe ɖi be woade kɔkuti kɔ na wo, eye wo dometɔ aɖeke maɖee o.
8
Efrayim, ale ke matsɔ wò anae? Israel, ale ke matsɔ wò ade asii? Nu ka ta mawɔ wò abe Adma ene? Nu ka ta mawɔ wò abe Zeboyim ene? Nye dzi maɖe mɔ nam be mawɔ nenema gbeɖe o. Nye lɔlɔ̃ na wò nu sesẽ ɣe sia ɣi.
9
Nyemawɔ nye dɔmedzoe helihelĩ la ŋudɔ o. Nyemagatsrɔ̃ Efrayim azɔ o. Elabe Mawue menye, menye amegbetɔ o. Kɔkɔetɔ la le mia dome, eye nyemava agblẽ nu o.
10
Woadi Aƒetɔ yome mɔ, aɖe gbe abe dzata ene, ẽ, ele gbe ɖe ge eye viawo anɔ dzodzom nyànyanya atso ɣetoɖoƒe ava.
11
Woava anɔ dzodzom nyànyanya abe xeviwo ene tso Egipte, abe ahɔnɛwo ene tso Asiria-nyigba dzi, eye matrɔ wo ɖo ɖe woƒe aƒewo me, Aƒetɔ lae gblɔe.
12
Efrayim kple Yuda tsɔ alakpadada ɖe to ɖem eye Israel ƒe aƒe la tsɔ amefuflu ɖe to ɖem, ke Mawu gadze si Yuda kokoko, eye wòwɔa nuteƒe na Kɔkɔetɔ la.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14