bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 13
Hosea 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 14 →
1
Ne Efrayim ƒo nu la, ŋutsuwo dzona nyànyanya. Bubu nɔ eŋu le Israel. Ke eɖi fɔ to Baal subɔsubɔ me, eye wòku.
2
Azɔ wogale nuvɔ̃ wɔwɔ dzi ko, eye wowɔ nuwo ƒe nɔnɔme na wo ɖokui. Wotsɔ klosalo kɔ̀ legbawo aɖaŋutɔe. Wo katã wonye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔ. Tete wogblɔ be: “Misa vɔ na esiawo!” Amegbetɔ nagbugbɔ nu na nyiviwo!
3
Eya ta woanɔ abe afu si dona le ŋdi me ene, alo zãmu si nu yina ŋdi kanya ene. Woanɔ abe nutsro si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, alo dzudzɔ si toa fesre nu ene.
4
Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu la, tso Egipte-nyigba dzi. Mènya Mawu aɖeke kpe ɖe ŋunye o. eye xɔnametɔ aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
5
Nyee kpɔ tawò le gbedadaƒo, le kuɖiɖinyigba dzi.
6
Ke esi woɖu nu ɖi ƒo, heɖi ƒo nyuie la, wode asi dàda me, eya ta woŋlɔm be.
7
Eya ta manɔ abe dzata ene na wo; abe lãkle ene made xa ɖe mɔ dzi anɔ wo lalam.
8
Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wolé dzoe la ene. Mafé akɔta na wo, eye mavuvu wo abe dzata ene le afi ma, abe ale si lã wɔadã avuvu woe ene.
9
Israel, mele mia tsrɔ̃ ge! Ame kae ate ŋu akpe ɖe mia ŋu?
10
Azɔ miaƒe fia la ɖe? Ne wòaxɔ na mi. Miaƒe amegãwo katã ɖe? Ne woaʋli mia ta. Menye woawo ŋui miegblɔ le be, “Ɖo fia kple amegãwo na mí” oa?
11
Dziku mee mena fiawo mi le hexɔ wo le mia si le dɔmedzoe me.
12
Wobla Efrayim ƒe vodada da ɖi, eye wodzra eƒe nuvɔ̃ ɖo ɖe nudzraɖoƒe.
13
Vidzidzi ƒe vevesese tui, ke viŋutsuvi manyanu wònye; elabe eya ŋutɔ medo ta ɖe vidzidɔ nu be woadzi ye o.
14
Ɖe maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ si mea? Ɖe maxɔ wo tso ku Saɖagatsi sia? Ku, wò dɔ vɔ̃wo ɖe? Tsiẽƒe, wò tsɔtsrɔ̃ ɖe? Nublanuikpɔkpɔ le ɣaɣla ɖe nye ŋkuwo.
15
Togbɔ be awɔ nyuie abe aƒla ene hã la, ɣedzeƒeya, Aƒetɔ ƒe yaƒoƒo ava, atsó tso gbedadaƒo la; eƒe vudowo amie, eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu. Atsɔ nu siwo katã le vevi na wo la adzoe.
16
Samaria atsɔ eƒe fɔɖiɖi ƒe agba elabe edze aglã ɖe eƒe Mawu ŋu. Woatsi yi nu le aʋa me; woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe nu woakaka, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14