bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 7
Hosea 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 8 →
1
ne meɖoe be mada gbe le nye amewo ŋu la, woɖea Efrayim ƒe nu fitifiti wɔwɔ kple Samaria ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ fiana. Wodaa alakpa, fiafiwo gbãa ʋɔ, eye adzohawo tsoa ame le mɔ ta.
2
Ke womenya be nye ŋku le yewoƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo katã dzi o. Azɔ la, woƒe nuwɔwɔwo ƒo xlã wo, mele kpɔkpɔm.
3
Wotsɔa woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ doa dzidzɔ na fia la kple woƒe alakpanuwɔwɔ, doa dzidzɔ na amegãwo.
4
Ahasiwɔlawo wo katã wonye. Wole abe abolokpo ene. Ne aboloƒola la blu wɔ vɔ la, megatua dzoa ɖo o, va se ɖe esime aboloa naʋã.
5
Le míaƒe fia ƒe ŋkeke dzi la, amegãwo dea dɔ lã me na wo ɖokui kple wain xɔdzo, eye wòbɔa ha kple fewuɖulawo.
6
Elabe woƒe dzi le bibim abe kpodzo ene le woƒe ayedzedze ta. Dɔmedzoe nɔa wo me zã blibo, eye le ŋdi me la, eléa dzo vla.
7
Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene, eye wovuvua woƒe dziɖulawo. Woƒe fiaawo katã dze anyi, eye wo dometɔ aɖeke meyɔam o.
8
Efrayim tsaka kple dukɔwo; Efrayim nye abolo si wometrɔ o.
9
Ame tutɔwo le ŋusẽ xɔm le esi gake menyae o. Eƒe ta ƒo wɔ, gake menyae o.
10
Israel ƒe dàda le ɖase ɖim le eŋu, ke wometrɔ ɖe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ŋu o, eye womedii le nu siawo katã me o.
11
Israel le abe ahɔnɛ ene; etsi bome eye susu mele esi o: Wole Egipte yɔm, wole Asiria yim.
12
Ne woyina la, mada nye asabu ɖe wo dzi, aɖiɖi wo ɖe anyi abe dziƒoxewo ene; mahe to na wo le woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta.
13
Baba na wo, elabe wotra tso gbɔnye. Wonetsrɔ̃, elabe wodze aglã ɖe ŋunye! Ðe medi be maɖe wo hafi, ke woka aʋatso ɖe asinye.
14
Womedo gbe ɖa nam tso dzi vavã me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi. Wode abi gãwo wo ɖokui ŋu be yewoakpɔ bli kple wain. Wodze aglã ɖe ŋunye.
15
Togbɔ be nyee he wo, eye mena ŋusẽ le wo ŋu hã la, woɖo vɔ̃ ɖe ŋunye.
16
Wotrɔ ɖe Baal ŋuti. Wole abe dati si me do agblɔ ene. Woƒe amegãwo atsi yi nu, le woƒe aɖe ƒe dàda ta. Woatsɔ esia aɖe alɔ me le wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14