bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 9
Hosea 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 10 →
1
Israel, mèganɔ dzidzɔ kpɔm o! Mègatso aseye abe dukɔwo ene o; elabe èwɔ gbolo gblẽ wò Mawu ɖi. Elɔ̃ gbolo ƒe nunana le lugbɔƒewo katã.
2
Lugbɔƒe kple ahafiãƒe manyi wo o, eye wain yeye aflu wo.
3
Womaganɔ Aƒetɔ ƒe anyigba dzi o, ke Efrayim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nuɖuɖu makɔmakɔ le Asiria.
4
Womaƒo wain ɖe anyi na Aƒetɔ o. Womatsɔ woƒe vɔsawo ado dzidzɔ nɛ o. Woƒe nuɖuɖu anɔ abe konyifalawo ƒe nuɖuɖu ene, eye eɖulawo katã agblẽ kɔ ɖo, elabe woƒe nuɖuɖu atsi dɔwuame ko nu na wo; mava Aƒetɔ ƒe aƒe la me o.
5
Azɔ nu ka miawɔ le ŋkekenyui ɖugbe la kple Aƒetɔ ƒe ŋkekenyui la dzi?
6
Elabe kpɔ ɖa, woyina ɖe Asiria; Egipte aƒo wo, Memfis aɖi wo. Dza ato ɖe woƒe klosalonu veviwo dzi, eye ŋugbewo avu ɖe woƒe nɔƒewo.
7
Tohegbewo ɖo; teƒeɖogbewo va ɖo vɔ. Mawu ƒe gbeƒãɖela nye movitɔ, gbɔgbɔmeme la ku tsu le woƒe vodada gbogboawo, kple fuléle gã la ta.
8
Gbeƒãɖela nye gbetakpɔla na Efrayim, nye Mawu ƒe dukɔ, ke xevimɔ̀ka le eƒe toƒewo katã, eye fuléle le eƒe Mawu ƒe aƒeme.
9
Wogblẽ wo ɖokui kple nu fitifiti wɔwɔ abe ale si wònɔ le Gibea ƒe ɣeyiɣi me ene. Mawu aɖo ŋku woƒe vodada, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nuvɔ̃ ta.
10
Mefɔ Israel-dukɔ la, abe ale si wofɔa wainka tsetse le gbedadaƒo ene. Mekpɔ mia tɔgbuiwo, abe ale si wokpɔa gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi le nuŋeɣi ene. Ke esi wova Baal Peor la, wokɔ wo ɖokui ŋu na Baal, eye wova zu ŋunyɔnu abe nu si wolɔ̃ la ene.
11
Efrayim ƒe ŋutikɔkɔe adzò adzó abe xevi ene; vidzidzi kple fufɔfɔ aɖeke meli o!
12
Evɔ ne wodzi viwo, nyi wo wotsi gɔ̃ hã la, mana woaku va se ɖe esime ɖeke masusɔ o. Baba na wo, ne medzo le wo gbɔ.
13
Efrayim viŋutsuwo, abe ale si mekpɔ woe ene la, woɖo wo ɖi wonye nuléle; Efrayim akplɔ via ŋutsuwo ayi ɖe amewuƒe.
14
Aƒetɔ, tsɔe na wo. Nu ka tsɔ ge nàla na wo? Tsɔ vidzidɔ si gea fu kple no tsimanɔmee na wo.
15
Woƒe nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe le Gilgal; afi mae medze fuléle wo gɔme tsoe. Le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta la, manyà wo ɖa tso nye aƒeme. Nyemagalɔ̃ wo azɔ o; woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.
16
Woƒo Efrayim, woƒe ke ƒu; womatse ku o. Togbɔ be woadzi hã la, mawu wo vi lɔlɔ̃awo.
17
Nye Mawu atsɔ wo aƒu gbe elabe womeɖo toe o; woanye tsatsalawo le dukɔwo dome.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14