bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Hosea 12
Hosea 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 13 →
1
Nu sia nu si Israelviwo wɔna tso ŋdi va se ɖe fiẽ la nye nu dzodzro. Alakpanuwɔwɔ kple ŋutasesẽ le dzidzim ɖe edzi le wo dome gbe sia gbe. Wowɔ ŋutifafa kple Asiria, eye wotsaa amisi kple Egipte.
2
Aƒetɔ le nya he ge kple Yuda, eye wòahe to na Israel le nu si wɔm eƒe amewo le la ta. Aɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.
3
Elé nɔvia ƒe afɔkpodzi le dɔ me. Esi wòɖo ŋutsume la, ete kame kple Mawu.
4
Ete kame kple mawudɔla, eye wòɖu edzi. Efa avi, eye wòɖe kuku na mawudɔla la be neve ye nu. Edo go Mawu le Betel, eye Mawu ƒo nu kplii le afi ma.
5
Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la, Aƒetɔ nye eŋkɔ:
6
“Eya ta azɔ la, wò la, le wò Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, trɔ; lé lɔlɔ̃ kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me ɖe asi, eye nàlala anɔ wò Mawu lalam.”
7
Asitsala, si ƒe asi me amebanudanu le la, lɔ̃a ametete ɖe anyi.
8
Efrayim gblɔ be: “Ẽ, mekpɔ hotsui ŋutɔ! Kesinɔnu geɖe su nye ŋutɔ asinye.” Ke eƒe hotsui gbogbo la mate ŋu atrɔ fɔ si wòɖi la o.
9
Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu la tso Egipte- nyigba dzi ke; magana nànɔ agbadɔwo me abe le ŋkekenyui ɖuɣi ene.
10
Meƒo nu kple gbeƒãɖelawo, nyee dzi ŋutegawo ɖe edzi, eye medo lowo to gbeƒãɖelawo dzi.
11
Ne nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le Gilead la, woavɔ ɖa kokoko; nenye be le Gilgal wotsɔa nyitsuwo saa vɔ la, woƒe vɔsamlekpuiwo hã anɔ abe kpe siwo woli kɔe ɖe bo dzi le agble me ene.
12
(Yakob sí yi Aram, afi si Israel subɔ le srɔ̃ ta le, eye srɔ̃ tae wòkplɔ alẽ ɖo.)
13
To gbeƒãɖela aɖe dzi Aƒetɔ kplɔ Israel tso Egipte, eye wòkpɔ eta to gbeƒãɖela aɖe dzi.
14
Israel do dziku nɛ vevie, ale Aƒetɔ ana eƒe hlɔ̃dodo nanɔ eyama dzi, eye wòaɖo eƒe vlodoame teƒe nɛ.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14