bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 1
Nehemiah 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 2 →
1
Nexemya, Haxalya vi, ƒe nyaxlẽfiae nye esi gbɔna. Gbe ɖeka le ɣleti Kislev me le Persia-fia Artaxsasta ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè bla evelia me la, menɔ Susa, si nye Persia ƒe fiadu la me.
2
Tete Xanani, si nye nɔvinyewo dometɔ ɖeka kple ame bubu aɖewo tso Yuda va. Mebia gbe wo le Yudatɔ siwo womelé yi aboyo me o, ale be woawo susɔ ɖe anyigbaa dzi la ŋu eye mebia nya geɖewo le Yerusalem hã ŋu.
3
Wogblɔ nam be: “Yudatɔ siwo susɔ ɖe anyigbaa dzi la ƒe agbenɔnɔ nye fukpekpe gã aɖe kple ŋukpe sɔŋ. Wogbã gli si ƒo xlã Yerusalem ƒe akpa aɖewo eye wotɔ dzo dua ƒe agbowo.”
4
Esi mese nya siawo la, mebɔbɔ nɔ anyi, fa avi. Mefa konyi ŋkeke geɖe. Menɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa dzi na dziƒo Mawu la be:
5
“O, Aƒetɔ, dziƒo Mawu, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le! Wò si, ne èbla nu kple ame, eye nenem me ma lɔ̃a wò hewɔa wò sewo dzi la, èléa nu si nèbla kplii la me ɖe asi sesĩe, eye wò lɔlɔ̃ nɛ nu metsina o!
6
Ke to ɖe ŋunye, nàʋu ŋku kpɔm, eye nàse gbe si nye, wò dɔlaŋutsu mele ŋkuwò me azɔ, zã kple keli, hele dodom ɖa na wò, ɖe wò dɔla Israelviwo ta la. Mele mí Israel-dukɔa ƒe nuvɔ̃ siwo míewɔ ɖe ŋuwò la me ʋum na wò. Ẽ, nye ŋutɔ kple tɔgbuinyewo siaa míewɔ nuvɔ̃.
7
Míewɔ nuvɔ̃ɖi ɖe ŋuwò; míezɔ ɖe wò se kple ɖoɖo siwo nèwɔ na mí to wò dɔla Mose dzi la nu o.
8
Ðo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla Mose la dzi. Ègblɔ nɛ be: ‘Ne miewɔ nye sewo dzi, eye miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o la, maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome.
9
Gake ne miegatrɔ ɖe ŋunye, lé nye sewo me ɖe asi, eye miezɔ ɖe wo nu pɛpɛpɛ la, ekema nenye anyigba ƒe seƒewo ke woɖe aboyo mi yii le dziƒoa te hã, maƒo mia nu ƒu tso afi mawo katã akplɔ va teƒe si metia be nye ŋkɔ nanɔ ɖaa la’.
10
Wò dɔlawo wonye, wò dukɔ wonye; ame siwo nèxɔ ɖe agbe kple wò ŋusẽ triakɔ la kpakple wò kalẽsi lae wonye.
11
O, Aƒetɔ, se nye gbedodoɖa sia nam dzro. Ƒu to anyi ɖe wò dɔla bubu siwo bubudede wò ŋkɔ ŋu doa dzidzɔ na la hã ƒe kokoƒoƒo ŋu. Na makpɔ dzidzedze egbe sia dzro; na ŋutsu sia nave nunye.” Le ɣe ma ɣi me la, fia ƒe ahakula menye.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13