bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 8
Nehemiah 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 9 →
1
Le ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wo katã wova ɖi anyi abe ame ɖeka ene ɖe gbadzaƒe si le Tsigbo la ŋkume. Wobia tso Ezra, agbalẽŋlɔla la si be wòatsɔ agbalẽ si me Aƒetɔ ƒe Se, si wòde na Israelviwo to Mose dzi le la vɛ.
2
Tete Ezra, nunɔla la, tsɔ agbalẽa va ƒuƒoƒea ŋkume. Ŋutsuwo, nyɔnuwo, ame siwo katã nyagbe tsi ase nu eye woase nu gɔme hã ko va ɖi anyi gbe ma gbe, si nye ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la.
3
Ezra xlẽ Se la na wo le gbadzaƒe ma le Tsigboa ŋgɔ tso ŋdi kanya va se ɖe ŋdɔ me le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple ame siwo ate ŋu se egɔme ko ŋkume. Dukɔ blibo la ƒe to le te ɖe segbalẽa ŋu.
4
Aɖakago gã gbadza aɖe si wokpa koŋ ɖe ŋkekea ŋu la dzie Ezra, agbalẽfiala la tsi tsitre ɖo. Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Hilkiya kple Maaseya tsi tsitre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam hã tsi tsitre ɖe eƒe miame.
5
Ezra ʋu agbalẽ la le ameawo katã ŋkume wokpɔ, elabe eya le kɔkɔƒe wu ameawo katã. Esi wòʋui la, ameawo katã tsi tsitre.
6
Tete Ezra kafu Aƒetɔ, Mawu gã la, eye dukɔ blibo la do asi ɖe dzi, xɔ edzi be: “Neva eme! Neva eme!” Wobɔbɔ, subɔ Aƒetɔ, eye wotsyɔ mo anyi.
7
Ame sia ame le eteƒe, eye Serebya, Yamin, Akub, Sabetai, Hodiya, Maaseya, Kelita, Azarya, Yozabad, Xanan, Pelaya, ame siwo katã nye Levi viwo la, kpe ɖe dukɔ la ŋu be woase se la gɔme.
8
Woxlẽa Mawu ƒe Se la tso agbalẽa me eme kɔna, eye wogagbugbɔna ɖea egɔme be ameawo katã nase eme nyuie.
9
Tete Nexemya, anyigba dzikpɔla la, Ezra, nunɔla kple agbalẽfiala kple Levi vi siwo fiaa nu dukɔa la gblɔ na dukɔ blibo la be: “Ŋkeke sia le kɔkɔe na Aƒetɔ, mia Mawu la; migafa konyi alo afa avi o.” Elabe dukɔ blibo la fa avi esime wose sea ƒe nyawo.
10
Tete wògblɔ na wo be: “Miheyi, ne miaɖu aminu eye miano wain vivi, eye miana nu siawo ƒe ɖe ame si mekpɔ ɖeke aɖu alo ano o la hã, elabe ŋkeke sia le kɔkɔe na mía Aƒetɔ eya ta migalé blanui o; elabe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Aƒetɔ ŋu nye míaƒe ŋusẽ.”
11
Ale Levi viwo tsi hoowɔwɔ la nu le ameawo dome nɔ akɔ fam na wo katã be: “Mizi ɖoɖoe elabe ŋkeke sia le kɔkɔe; migalé blanui o.”
12
Tete ameha la kaka eye ame sia ame yi eƒeme ɖaɖu nu, no nu, na nuɖuɖu kple nunono amewo eye wokpɔ dzidzɔ. Wodo vivi geɖe ɖe ŋkekea ŋu, elabe wose nu siwo wogblɔ na wo la me nyuie.
13
Le ŋufɔke la, ƒomeawo ƒe tatɔwo kple nunɔlawo kpakple Levi viwo ƒo ƒu va Ezra agbalẽfiala la gbɔ be yewoadzro se la ƒe nyawo me kplii.
14
Woke ɖe eŋu be woŋlɔ ɖe se si Aƒetɔ de na dukɔa to Mose dzi la me, be ele be Israelviwo naʋu ayi ɖanɔ agbadɔwo me le Agbadɔ ŋkekenyui ɖuɣi le ɣleti adrẽlia me,
15
eye be woaŋlɔ agbalẽ, aɖe gbeƒã le Yerusalem-dua ƒe afi sia afi kple du bubuawo me be: “Miyi togbɛwo dzi ne miatso amiti ŋutɔ ƒe alɔwo, gbememiti ƒe alɔwo, mirte ƒe alɔwo, deʋayawo kple ati dɔdɔe ƒe alɔwo ne miatsɔ va wɔ agbadɔwo abe ale si woŋlɔ ɖi le sea me la ene.”
16
Tete dukɔ la yi ɖatso atilɔawo tsɔ va wɔ agbadɔwo ɖe woƒe xɔwo tame, woƒe xɔxɔnuwo, Yerusalem-gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo kple gbadzaƒe si le Tsigbo gbɔ kple esi le Efrayim ŋkume.
17
Ale dukɔ blibo la, ame siwo katã gbɔ tso aboyo me la, tu agbadɔwo, eye woʋu yi ɖanɔ wo me le ŋkekenyuia ɖuɣi katã, elabe tso Yosua, Nun vi, ŋɔli va se ɖe ɣe ma ɣi kpa Israel-dukɔ mewɔ nu sia kpɔ o, eye wònye dzidzɔ gã na ame sia ame.
18
Tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe mlɔetɔ dzi la, exlẽa nu tso Mawu ƒe segbalẽ la me gbe sia gbe kokoko. Woɖu azã la ŋkeke adrẽ, eye le enyilia gbe la, wowu enu kple takpekpe tɔxɛ, abe ale si wònye kɔnui ene.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13