bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 12
Nehemiah 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 13 →
1
Nunɔla kple Levi vi siwo zɔ aduadu kple Zerubabel, Sealtiel vi kpakple Yesua la woe nye: Seraya, Yeremya, Ezra,
2
Amarya, Malux, Xatus,
3
Sexanya, Rexum, Meremot,
4
Ido, Ginetoi, Abiya,
5
Miyamin, Maadya, Bilga,
6
Semaya, Yoyarib, Yedaya,
7
Salu, Amok, Xilkiya kple Yedaya. Ame siawo nye kplɔlawo le wo tɔ nunɔlawo dome le Yesua ŋɔli.
8
Levi viwo: Yesua, Binui, Kadmiel, Serebya, Yuda kple Matanya. Matanya kple eƒe ƒome me ŋutsuwoe doa kafukafuhawo ɖa le subɔsubɔwɔɣi.
9
Ne wodo ha ɖa la, Bakbukya kple Umi ye xenɛ. Wo ame eve la nɔa tsitre dzea ŋgɔ hadoɖalaawo.
10
Yesua dzi Yehoyakim, Yehoyakim dzi Elyasib, Elyasib dzi Yoyada;
11
Yoyada dzi Yonatan, eye Yonatan dzi Yadua.
12
Le Yehoyakim ŋɔli la, nunɔla siwo nye tatɔwo na aƒekɔwo la woe nye: Meraya na Seraya; Xananya na Yeremya;
13
Mesulam na Ezra; Yehohanan na Amarya;
14
Yonatan na Meluxi; Yosef na Sebanya;
15
Adua na Xarim; Xelkai na Merayot;
16
Zaxarya na Ido; Mesulam na Gineton;
17
Sixri na Abiya; Piltai na Minyamin-Moadya;
18
Samua na Bilga; Yonatan na Semaya;
19
Matenai na Yoyarib; Uzi na Pedaya;
20
Kalai na Salai; Eber na Amok;
21
Xasabya na Xilkiya; Netaneel na Yedaya.
22
Le Elyasib, Yoyada, Yehohanan kple Yadua ŋɔli la, woŋlɔ Levi viwo ƒe aƒekɔtatɔwo kple nunɔlawo ŋkɔwo ɖi va se ɖe Persia-fia Dario ƒe fiaɖuɣi.
23
Nenema ke woŋlɔ aƒekɔwo ƒe tatɔ siwo nye Levi viwo la ŋkɔwo ɖe nyadzɔdzɔ veviwo ƒe agbalẽwo me va se ɖe Yehohanan, Elyasib vi ŋɔli.
24
Levi viwo ƒe amegãwo: Xasabya, Sevebya kple Yesua, Kadmiel vi la. Wodzea ŋgɔ wo nɔvi bubuawo le mawuxɔ la me, eye wokafua Mawu, daa akpe nɛ hã, abe ale si David, Mawu ƒe ame ɖo ɖi be woanɔ wɔwɔm ene, ameha ɖe ameha yome.
25
Matanya, Bakbukya, Obadya, Mesulam, Talmon kple Akub nye agbonudzɔlawo. Woawoe dzɔa nudzraɖoƒexɔ siwo le agboawo nu la ŋu.
26
Ame siawo wɔ dɔ le Yehoyakim, si nye Yesua vi kple Yozadak ƒe tɔgbuiyɔvi la ŋɔli. Nexemya, anyigba nunɔla kple Ezra, ame si nye nunɔla kple agbalẽfiala la hã nɔ anyi le ɣe ma ɣi me.
27
Esi wòɖo edzi be woakɔ Yerusalem-glia ŋu la, woyi ɖadi Levi viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ ne woaɖu glia ŋuti kɔkɔ ŋkekenyui la kple dzidzɔ, akpedada, hadzidzi kpakple gakogoewo, kasaŋkuwo kple dzewo.
28
Tete hadzilawo tso Yerusalem-nutowo me va ƒo ƒu; ɖewo tso Netofatitɔwo ƒe agbletawo.
29
Bubuwo tso Bet-Gilgal kple Geba kpakple Azmavet nutowo me elabe hadzilaawo tsò kɔƒe na wo ɖokui ƒo xlã Yerusalem-dua godoo.
30
Nunɔlawo kple Levi viwo kɔ wo ɖokui ŋu; eyome wokɔ ameha la kple agboawo kpakple glia hã ŋu.
31
Azɔ mena Yuda-megãwo kple hadzilawo de glia dzi. Mema hadzilaawo ɖe akpa eve me: akpa gbãtɔ to ɖusime le glia dzi ɖo ta Akɔligbo la gbɔ.
32
Ame siwo kplɔ wo ɖo la woe nye: Hosaya kple Yuda-megãwo ƒe afã,
33
Azarya, Ezra kple Mesulam,
34
Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremya.
35
Nunɔlawo ƒe viwo dometɔ aɖewo lé kpẽwo ɖe asi kplɔ wo ɖo. Woawoe nye: Zaxarya, Yonatan vi, ame si nye Semaya vi, ame si nye Matanya vi, ame si nye Mixaya vi, ame si nye Zakur vi, ame si nye Asaf viŋutsu.
36
Nɔviawoe nye: Semaya, Azarel, Milalai, Gilalai, Maai, Netaneel, Yuda kple Xanani. Wo dometɔ ɖe sia ɖe lé David, Mawu ƒe ame, ƒe hadzinuwo ɖe asi. Ezra, agbalẽfiala gã la, nɔ wo ŋgɔ.
37
Esi woɖo Vudogbo gbɔ la, woto wo ŋgɔ tẽe lia atrakpui si yi David ƒe du me. Wolia gli la to David ƒe fiasã gbɔ ɖado ɖe Tsigbo gbɔ le dua ƒe ɣedzeƒe gome.
38
Akpedahadzilawo ƒe ha evelia to miame. Nye ŋutɔ kple ame siwo hã va glia dzi la ƒe afã míekplɔ wo ɖo. Míeto Abolokpo gbɔ va Gli Kèke gbɔ.
39
Eyome míeto Efrayim-gbo tame to Yexana-gbo tame, to Tɔmelãgbo tame, va to Xananel Gbetakpɔxɔ kple Alafa Gbetakpɔxɔ ŋu va do ɖe Alẽgbo la gbɔ, eye míeva wu nu ɖe Gaxɔgbo la gbɔ.
40
Ale kafukafuhadziha eveawo va tɔ ɖe Mawu ƒe aƒe la me. Nye kple amegã siwo nɔ ŋunye la ƒe afã hã míetɔ ɖi.
41
Ame siwo nye kpẽkulawo le míawo ƒe haa me lae nye: Eliyakim, Maaseya, Minyamin, Mixaya, Elyoenai, Zaxarya kple Xananya. Wo katã nye nunɔlawo; wolé kpẽwo ɖe asi.
42
Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yaxanan, Malkiya, Elam kple Ezer hã nɔ míaƒe ha me. Hadzilaawo nɔ ha xlãm ɖe me, le woƒe nunɔla Yizraxya ƒe kpɔkplɔ te.
43
Wosa vɔ geɖe gbe ma gbe kple aseyetsotso gã elabe Mawu na dzidzɔ yɔ ame sia ame ƒe dzime. Nyɔnuwo kple ɖeviwo hã va tso aseye ɖe ameha la ti, eye dzidzɔseyetsotso si nɔ Yerusalem-du me la ɖi de didiƒe ʋĩi ke.
44
Gbe ma gbe la, wotia ŋutsu aɖewo tsɔ ɖo nudzraɖoƒexɔwo nu. Xɔ siwo me wodzraa nu siwo amewo dzɔna na Mawu ƒe aƒe la ƒe nudzɔdzɔwo, dɔwɔwɔ metsonu gbãtɔwo kple nuwo ƒe akpa ewolia ɖo la. Ame siawo ƒe dɔ wònye be woaxɔ agblemenukuwo ƒe akpa siwo nye nunɔlawo kple Levi viwo tɔ le sea nu la tso agble siwo ƒo xlã duwo la me la adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒexɔawo me. Yuda-dukɔ blibo la kpɔa dzidzɔ le nunɔlawo kple Levi viwo ŋu,
45
le esi wosubɔa woƒe Mawu, eye wowɔa ŋutikɔklɔ ŋu kɔnuwo kple kɔnu bubu siwo Mawu ɖo na wo la ta. Nenema ke wokpɔa ŋudzedze le hadzilawo kple agbonudzɔlawo, ame siwo hã wɔa woƒe dɔwo le ɖoɖo siwo David kple via Salomo wɔ da ɖi nu la ŋu.
46
Tso gbe aɖe gbe ke, le David kple Asaf ŋɔli la, hɛnɔawo nɔa anyi nyea hadzilawo kplɔlawo, ne wole kafukafuhawo kple akpedahawo dzim na Mawu.
47
Le Zerubabel ŋɔli la, Israelviwo dzɔa nu gbe sia gbe, be woatsɔ anɔ hadzilawo kple agbonudzɔlawo dzi kpɔm. Nenema ke wònɔ le Nexemya ŋɔli hã. Woɖea nu siwo nye Levi viwo tɔ gome la ɖe aga na wo, eye Levi viwo hã ɖea nu siwo nye Aron viŋutsuwo tɔ gome la ɖe aga na wo.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13