bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 4
Nehemiah 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 5 →
1
Esi Sanebalat se be míele glia ɖom la, eku dzi nɛ. Edo dɔmedzoe vevie, eye wòɖe alɔ me le Yudatɔwo ŋu.
2
Egblɔ le exɔlɔ̃wo kple Samaria-ʋakɔ ŋkume be: “Nu ka wɔm Yudatɔ beli siawo le? Ðe woagbugbɔ nuwo aɖo tea? Ɖe wole vɔ sa gea? Ɖe woawu enu le ŋkeke ɖeka mea? Ðe woagaho gliɖokpe ƒodzowo tso gbeɖuɖɔwo tome ko atsɔ ɖo glia ko wòanyoa?”
3
Tobiya Amontɔ la hã nɔ exa hafi wònɔ nyaa gblɔm. Eya hã gbɔ ɖi ɖa be: “Tsuiã! Glie nye ema ɖom wolea? Ne abei kura gɔ̃ lia woƒe kpegli ma la, amu.”
4
O, mía Mawu, se ale si wole vlo dom mí ɖa! Na woƒe fewuɖuɖu la nazu ŋukpe ava tsyɔ woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Na futɔwo nava ha woƒe nuwo, eye woalé woawo ŋutɔ akplɔ ayi aboyo mee.
5
Mègatsyɔ nu woƒe vodada dzi o, eye mègaɖe woƒe nuvɔ̃ ɖa le ŋkuwò me o, elabe wodo dziku na wò le gliɖolaawo ŋkume.
6
Míeyi glia ɖoɖo dzi. Eteƒe medidi o, gli blibo la kpe ɖo, eye wòtsi ɖo afi si wòakɔ ase la ƒe afã xoxo elabe ameawo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ dɔ.
7
Esi Sanebalat, Tobiya, Arabiatɔwo, Amontɔwo kple Asdodtɔwo se be Yerusalem ŋu glidzraɖodɔ la le afɔ tsɔm nyuie, eye gbagbãƒeawo de asi xexe me vɔ la, dzi ku wo ŋutɔ.
8
Eya ta wosɔ nu be yewo katã yewoaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu aɖadze edzi, ade ʋunyaʋunya eme.
9
Ke míawo míedo gbe ɖa na mía Mawu, eye míeɖo dzɔlawo teƒe vovovowo. Ame siawo nɔa ŋudzɔ na futɔawo zã kple keli.
10
Ke Yuda gblɔ be: “Míelɔ gli gbagbã ʋuu ɖeɖi te, gake gli gbagbãa gali zã wòle be míalɔ. Míete ŋu le gli sia ɖo ge o.”
11
Míaƒe futɔawo gblɔ be: “Manɔ nyanya me na wo kura o; ɖeko woanɔ vo me ko míava do ɖe wo dzi, awu wo eye dɔa ase ɖe afi ma.”
12
Ke Yudatɔ siwo kple míaƒe futɔawo le teƒe ɖeka la va kui ɖe to me na mí zi geɖe, be futɔawo katã le woƒe du vovovowo me tso ge ava dze mía dzi zi ɖeka gbe ɖeka.
13
Le esia ta, meɖe amewo ɖo glia godo le eƒe akpa siwo dɔ gale be míawɔ la, be woanɔ afi mawo ŋu dzɔm. Mema wo ɖe hatsotso vovovowo me ɖe woƒe aƒekɔwo nu, eye wolé woƒe yiwo, akplɔwo kple dawo ɖe asi hele teƒe mawo dzɔm.
14
Mekpɔ be ameawo tsi dzodzodzoe eya ta megblɔ na woƒe bubumewo, amegãwo kple ame mamlɛawo be: “Migavɔ̃ futɔawo o. Miaƒe ŋku nenɔ ale si Aƒetɔ tri akɔ, eye wòdzi ŋɔ la dzi ne miaʋli mia nɔviwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta.”
15
Míaƒe futɔwo va se be míenya nugbe si ɖom wole ɖe mía ŋuti, eye wokpɔ be Mawu gblẽ yewoƒe ɖoɖoa me. Eya ta mí katã míetrɔ va gli la gbɔ, eye ame sia ame yi eƒe dɔ dzi.
16
Tso gbe ma gbe dzi la, ame siwo le dɔ wɔm le glia gbɔ la mana ɖe akpa eve me, eye ne akpa ɖeka le dɔ wɔm la, akpa evelia ƒe amewo doa gawu, léa akplɔ, akpoxɔnu kple dati ɖe asi, nɔa ŋudzɔ. Dukɔa ƒe amegãwo katã nɔ megbe na Yuda ƒe aƒe la sesĩe
17
le nu sia nu me le glidzraɖodɔ blibo la me. Ame siwo nɔ ke, kpe kple xɔtunu bubuwo lɔm na gliɖolaawo hã tsɔa asi ɖeka nɔa dɔa wɔm, eye aʋawɔnu nɔa asi evelia na wo.
18
Gliɖola ɖe sia ɖe hã kplaa yi ɖe ali hafi nɔa glia ɖom. Kpẽkula nɔa ŋunye.
19
Megblɔ na bubumewo, amegãwo kple ame mamlɛawo katã be: “Dɔa sɔ gbɔ, hekeke ta ale be míekaka ɖe glia dzi, eye ame sia ame le adzɔge tso ehavi gbɔ.
20
Ne miese kpẽ ƒe ɖiɖi ko la, mitu ta afi si wòɖi le la enumake ne miava ƒo ƒu ɖe mía ŋu. Mía Mawu awɔ aʋa na mí.”
21
Aleae míewɔa dɔ lae gbe sia gbe, tso ŋdi va se ɖe esime ɣletiviwo tona le fiẽ me: ameawo ƒe afã léa akplɔ ɖe asi, le esime afã mamlɛa nɔa dɔ dzi le glia dzi.
22
Megblɔ na dukɔ la le ɣe ma ɣi me hã be wo dome ame sia ame kple eƒe dɔlawo nanɔ Yerusalem tsim dɔ, ale be mí katã míanɔ dua dzɔm le zã me, anɔ dɔa wɔm le ŋkeke me.
23
Ale nye kple nɔvinyewo kple nye subɔlawo kpakple ŋunyedzɔlawo míeɖea míaƒe awuwo dana ɖi ɣeaɖekeɣi o, ame sia ame léa eƒe aʋawɔnu ɖe asi ɣe sia ɣi.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13