bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 6
Nehemiah 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 7 →
1
Sanebalat, Tobiya, Gesem Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be medzra glia ɖo vɔ ale be gbagbãƒe aɖeke megale eŋu o; esusɔ ʋɔtruwo ko made agboawo nu.
2
Tete woɖo ame ɖem be: “Va ne míakpe le kɔƒe siwo le Ono-gbadzaƒe la dometɔ ɖeka me.” Ke ɖe woɖoe be mava ko ne yewoawɔ nu vevim le afi ma.
3
Eya ta medɔ ame ɖe wo be: “Dɔ vevi aɖe le ŋunye mele wɔwɔm; nyemate ŋu ava o. Ale ke magblẽ dɔa ɖi koŋ ko atso, be mava kpɔ mi le kɔƒe me?”
4
Wodɔ ame ɖem alea zigbɔzi ene sɔŋ, eye nye hã meɖo eŋu na wo nenema.
5
Tete Sanebalat gaɖo eƒe subɔla ɖem. Emae nye zi atɔ̃lia wòɖo ame ɖem. Eŋlɔ agbalẽ de esi be netsɔ vɛ nam. Metre agbalẽa nu hã o.
6
Agbalẽa me nyawoe nye be: “Míele sesem le dukɔ siwo ƒo xlã mí la me tɔwo nu be wò kple Yudatɔwo mieɖo be yewoadze aglã, eye nu ma tae miegbugbɔ glia le ɖoɖom ɖo. Gasmu hã gblɔ nya sia mese. Wobe èdi be yeazu Yudatɔwo ƒe fia.
7
Wobe èdi gbeƒãɖelawo da ɖi gɔ̃ hã xoxo be ne eɖo dzi ko woanɔ gbeƒã ɖem le Yerusalem be: ‘Fia ɖo Yuda si azɔ!’ Nya siawo le ɖiɖi ge ade fia gã gbɔ tsã, eya ta va ne míabu tame le nya bliboa ŋu.”
8
Meɖo eŋu ɖo ɖee be: “Wò nya siawo ƒe ɖeke menye nyateƒe o. Wò ŋutɔ koe kpa wo le gbɔgblɔm.”
9
Woƒe taɖodzinue nye be yewoado vɔvɔ̃ na mí be míaƒe lã me natu ɖe dɔa ŋu ne wòase ɖe afi ma. Ke nye la, medo gbe ɖa be: “O Mawu, do ŋusẽm.”
10
Azɔ la, meɖi tsa yi Semaya, Mehetabeel vi Delaya, vi ame si nu wodo ʋɔ ɖo la gbɔ. Egblɔ nam be: “Na nye kpli wò míayi aɖakpe le mawuƒe la ƒe kɔkɔeƒe ne míabè ɖe afi ma, atu ʋɔwo ɖe mía ɖokui nu, elabe wogbɔna wu wò ge. Woava wu wò le zã me.”
11
Tete mexɔ edzi nɛ be: “Ko nye ŋutsu xoxo sia masía? Nye koŋ masí ayi ɖabè ɖe gbedoxɔ me be woava wum ta! Nyemayi o.”
12
Mekpɔ zi ɖeka be menye Mawue dɔe be wòaɖo afɔ afɔta nam o, ke boŋ Tobiya kple Sanebalat woawoe dae.
13
Wona gae be woado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu si medze o, ale be ema nazu nya woalé ɖe nu atsɔ agblẽ nye ŋkɔ, anɔ alɔ me ɖem le ŋunyee.
14
Medo gbe ɖa be: “O Mawu, ɖo ŋku Tobiya kple Sanebalat ƒe nuwɔna siawo dzi, ne nàhe to na wo. Ðo ŋku nyɔnu gbeƒãɖela Noadia kple gbeƒãɖela bubu siwo katã te kpɔ be yewoado vɔvɔ̃ nam la hã dzi.”
15
Glia ɖoɖo wu nu le ɣleti Elul ƒe ŋkeke bla eve vɔ atɔ̃lia dzi. Dɔ bliboa xɔ ŋkeke bla atɔ̃ vɔ eve.
16
Esi dukɔ siwo katã ƒo xlã mí, siwo nye míaƒe futɔwo la, se be míewu glia dzadzraɖo nu la, vɔvɔ̃ kple ŋukpe lé wo ŋutɔ elabe wokpɔ be mía Mawue kpe ɖe mía ŋu ta dɔa te ŋu wu nu.
17
Ɣe ma ɣi katã la, agbalẽ nɔ Yudatɔwo ƒe amegãwo kple Tobiya dome.
18
Ame geɖewo nɔ Tobiya dzi le Yuda, le esi toa Sexanya, Arax vi, nye Yudatɔ, eye via hã ɖe Berexya vi, Mesulam, ƒe vinyɔnu ta.
19
Amewo vana koŋ va nɔa ekafum le gbɔnye. Ne wole esia wɔm, eye mede nu eme gblɔ nya aɖe si ku ɖe eŋu ko la, woƒua du yina ɖagblɔnɛ nɛ. Tobiya ŋutɔ ŋlɔ agbalẽ nam zi geɖe be yeatsɔ ado vɔvɔ̃ nam.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13