bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 5
Nehemiah 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 6 →
1
Azɔ la ɣli ɖi hoo le dukɔ la kple wo srɔ̃wo dome hetsi tre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu.
2
Ðewo be: “Mí kple mía viwo míesɔ gbɔ; ehiã godoo be míakpɔ nu aɖu, bene míatsi agbe.”
3
Bubuwo be: “Le ale si dɔ to ta la, ɖe míetsɔ míaƒe agblenyigbawo, míaƒe waingblewo kple míaƒe xɔwo ɖo awɔba hafi te ŋu kpɔ nu le ɖuɖum.”
4
Bubuwo hã be: “Ðe míedo ga hafi te ŋu xe duga ɖe míaƒe agblenyigbawo kple waingblewo ŋu na fia.
5
Evɔ la, míawo hã ɖeko míele pɛ abe mía nɔvi Yudatɔ bubuawo ene; ŋutilã ɖeka ko míeto, eye mía viwo hã ɖeko wole abe wo viwo ke ene, gake ele na míawo ya be míatsɔ mía viwo awɔ kluviwoe; mía vinyɔnuawo dometɔ aɖewo ya zu kluviwo xoxo gɔ̃. Wɔna aɖeke meli o elabe míaƒe nuɖuɖugblewo kple waingblewo yi ɖe ame bubuwo si me.”
6
Esi mese woƒe konyifafaawo la, dzi kum ŋutɔ.
7
Mebu tame sẽe, eye mekpɔ be dukɔa ƒe bubumewo kple amegãwo mele azɔli nyui zɔm o. Meyɔ wo ƒo ƒu hegblɔ na wo be: “Miele mia nɔviwo bam.” Eyome meyɔ dutakpekpe gã aɖe ɖe nyaa ŋu,
8
eye megblɔ na ƒuƒoƒea be: “Míawo míedze agbagba ale si míate ŋui hexɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo tsɔ wo ɖokui dzra na dukɔ bubuwo la ƒe ɖewo ƒle tso kluvinyenye me. Fifi boŋ miawo ya miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo dzi zim, wole wo ɖokui dzram na mi wo nɔvi Yudatɔwo!” Dumegãawo zi ɖoɖoe toŋ; wode nu ke ge do kpoe.
9
Meyi edzi be: “Nu si wɔm miele menyo o. Ðe mele be miatsɔ bubu na mía Mawu oa? Ðe mele be miawɔ nu si dze, be dukɔ bubuwo, ame siwo nye míaƒe futɔwo la, nagakpɔ mɔnu anɔ alɔ me ɖem le mía ŋu oa?
10
Nye ŋutɔ hã melɔ̃ amewo va do ga kple bli le asinye; nenema ke nɔvinyewo kple ame siwo le dɔ wɔm nam la hã do nu siawo na amewo. Mina míatsɔ feawo ake wo dzro.
11
Migbugbɔ fetɔwo ƒe nuɖuɖugblewo, waingblewo, amitigblewo kple woƒe xɔwo na wo egbe sia ke. Nenema ke mitsɔ ga, bli, aha, ami siwo miedo na wo ƒe alafa ɖekalia si miexɔna le wo si la ke wo.”
12
Woɖo eŋu be: “Míexɔ wò aɖaŋua; míawɔ edzi. Míatrɔ nuawo na wo, eye míagalĩ fe aɖeke wo o.” Meyɔ nunɔlawo vɛ, eye mena ame siwo ŋu amewo nyi fe le la va ka atam le nunɔlaawo ŋkume be yewoawɔ ŋugbe si yewodo la dzi.
13
Meʋuʋu nye akɔ nu hã, gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ne ame aɖe gbe eƒe ŋugbedodoa dzi wɔwɔ la, Mawu naʋuʋu eyama alea tso eƒe aƒeme kple eƒe dɔwɔɖua gbɔ ne wòatsi ƒuƒlu.” Ameha la katã lɔ̃ ɖe edzi be: “Neva eme”, eye wokafu Aƒetɔ. Tete wowɔ woƒe ŋugbedodo la dzi.
14
Azɔ tso ɣe ma ɣi dzi la, wotsɔm ɖo Yudatɔwo ƒe mɔ́mefia le Yuda-nyigba dzi, eye mewɔ dɔ sia ƒe wui eve, tso fia Artaxsasta ƒe fiaɖuɣi ƒe ƒè bla evelia me va se ɖe bla etɔ̃ vɔ evelia me. Ke le ƒe wui eve siawo me la, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo siaa míexɔ dzikpɔga si wòle be dukɔa nanɔ dzɔdzɔm na mí, le esi menye mɔ́mefia ta la, ƒe ɖeke kpɔ o.
15
Mɔ́mefia siwo do ŋgɔ nam la zu agba kpekpe na dukɔ la. Woxɔa nuɖuɖu kple aha tsoa dukɔa gbɔ eye, gawu la, dukɔa gaxea klosaloga bla ene na wo gbe sia gbe. Woƒe subɔlawo gɔ̃ hã ɖua aƒetɔ ɖe dukɔa dzi. Nye la, nyemewɔ nu ma o, le sosroɖa si le menye na Mawu ta.
16
Metsɔ nye ameti blibo la katã ƒo ɖe gligbugbɔɖodɔ la me. Nyemeƒle anyigba aɖeke na ɖokuinye o, eye mena ame siwo katã wɔa dɔ le tenye la hã va míekpe asi ɖe gliɖodɔa ŋu wɔ.
17
Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, Yudatɔwo kple woƒe amegãwo, ameha eve siwo ƒe ƒuƒoƒo de alafa ɖeka bla atɔ̃ la, kpakple dukɔ siwo ƒo xlã mí la me tɔ aɖewo va ɖua nu le gbɔnye le nuɖuɣi ɖe sia ɖe.
18
Eya ta nu siwo woɖana le nye aƒeme le ŋkeke ɖeka dzie nye: nyitsu ɖeka, alẽ siwo da ami wu bubuawo katã la dometɔ ade, koklowo kple aƒemexe bubuwo fũu. Le ŋkeke ewo sia ŋkeke ewo megbe la, medzea aha zã dana ɖi. To esiawo katã gbɔ hã, nyemena dukɔa xea mɔ́mefiadzikpɔga si wòle be wòanɔ xexem nam la o, elabe mekpɔe be agba te ɖe ameawo dzi akpa.
19
O nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na dukɔ sia la dzi.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13