bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 11
Nehemiah 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 12 →
1
Dukɔ la ƒe amegãwo tsi Yerusalem-du me wòzu wo nɔƒe koŋ. Ke le ame mamlɛawo gome la, wodzidze nu. Nudzidze la dze ame ewolia sia ame ewolia dzi, eye wònye dzizizi na nenem me mawo be woaʋu ava nɔ Yerusalem-du kɔkɔe la me. Ke ame mamlɛawo anɔ du bubuwo me. Ame aɖewo siwo dzi nudzidze la medze o la hã tsɔ wo ɖokui na faa be yewoanɔ Yerusalem.
2
Dukɔ la kafu nenem me mawo.
3
Nutoa me dzikpɔlawo nɔ Yerusalem. Ke dukɔa me tɔ bubuawo, nunɔlawo, Levi viwo, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kple Salomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwo ya nɔ du bubuawo me. Ame sia ame nɔ eya ŋutɔ ƒeme le wo de. Ke hã la, Yuda-to la me tɔ aɖewo kple Benyamin-to la me tɔ aɖewo hã ʋu va tsi Yerusalem.
4
Esiwo tso Yuda-to la me la woe nye: Ataya, Uziya vi, Zaxarya ƒe tɔgbuiyɔvi. Etɔgbuitɔgbuiwo dometɔ aɖewoe nye Amarya, Sefatya kple Mahalalel. Wo katã wonye Yuda viŋutsu Perez ƒe dzidzimeviwo.
5
Maaseya, Barux vi, ame si nye Kol-Xoze ƒe tɔgbuiyɔvi. Etɔgbuitɔgbui bubuawo dometɔ aɖewoe nye: Xazaya, Adaya, Yoyarib kple Zaxarya. Wonye Yuda viŋutsu Sela ƒe dzidzimeviwo.
6
Kalẽtɔ siwo nɔ Yerusalem-du me la dometɔ alafa ene bla ade vɔ enyi nye Perez ƒe dzidzimeviwo.
7
Benyamin-to la me tɔ siwo hã ʋu va tsi Yerusalem la woe nye: Salu, Mesulam vi, Yoed ƒe tɔgbuiyɔvi. Etɔgbuitɔgbui bubuawo dometɔ aɖewoe nye: Pedaya, Kolaya, Maaseya, Itiel kple Yesaya. Benyamin-to la me tɔ eve bubu aɖewo hã kpe ɖe wo ŋu. Woawoe nye:
8
Gabai kple Salai. Ale Benyamin-to la me ŋutsu siwo va tsi Yerusalem la ƒe xexlẽme le alafa asieke bla eve vɔ enyi.
9
Wo nunɔlae nye Yoel, Zixri vi. Yuda, Hasenua vie nye dua dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.
10
Nunɔlawo: Yedaya, Yoyarib vi kple Yaxin.
11
Seraya nye Xilkiya vi kple Mesulam ƒe tɔgbuiyɔvi. Etɔgbuitɔgbui aɖewo, tso ɖevitɔ dzi heyi tsitsitɔ dzi la woe nye Zadok, Merayot kple Axitub. Axitub sia nye amegã le Mawu ƒe aƒe la me.
12
Wo nɔvi alafa enyi bla eve vɔ eve wɔ dɔ le Mawu ƒe aƒe la me. Adaya, Yeroxam vi, nye Pelaliya ƒe tɔgbuiyɔvi. Etɔgbuitɔgbuiwo tso ɖevitɔ dzi heyie nye Amzi, Zaxarya, Pasxur kple Malkiya.
13
Wo nɔvi alafa eve bla ene vɔ eve sɔŋ nye ƒometatɔwo. Amasai, Azarel vi, nye Axzai ƒe tɔgbuiyɔvi. Eƒe tɔgbuitɔgbui gã nye Mesilemot, ame si tɔ́ nye Imer.
14
Wo nɔvi alafa ɖeka bla eve vɔ enyi ye nɔ dua me. Wonye ŋutsu kalẽtɔwo. Wo nunɔlae nye Zabdiel, Hagedolim vi.
15
Levi viwo: Semaya, Xasub vi, Azrikam ƒe tɔgbuiyɔvi. Tɔgbuia tɔ́e nye Xasabya, eye Xasabya tɔ́e nye Buni.
16
Zabetai kple Yozabad nye Levitɔwo ƒe tatɔwo dometɔ siwo kpɔa Mawu ƒe aƒe la ƒe gotadɔwo ƒe nyawo gbɔ.
17
Matanya, Mixa vi, nye Zabdi ƒe tɔgbuiyɔvi, eye wòganye Asaf ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi. Eyae doa akpedaha ɖa le gbedoɖaɣiwo. Wotia Bakbukya, Matanya nɔviwo dometɔ ɖeka be wòanɔ kpekpem ɖe eŋu; Abda, Samua vi, si tɔgbuie nye Galal eye etɔgbuitɔgbuia nye Yedutun.
18
Levi vi siwo katã le du kɔkɔe la me la de ame alafa eve bla enyi vɔ ene.
19
Agbonudzɔlawo: Akub, Talmon kple wo nɔvi bubu aɖewo. Wo katã ƒe xexlẽme de alafa ɖeka bla adrẽ vɔ eve.
20
Israelvi mamlɛawo kple nunɔla mamlɛawo kpakple Levi vi susɔeawo kaka ɖe Yuda-duwo me, ɖe sia ɖe nɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
21
Gbedoxɔ me dɔwɔlawo nɔ Ofel, eye ŋutsu siwo ŋkɔwo nye Zixa kple Gispa lae nɔ wo nu.
22
Levi vi siwo nɔ Yerusalem-du me la nunɔlae nye Uzi, Bani vi, ame si nye Yasabiya vi, ame si nye Matanya vi, ame si nye Mixa vi tso Asaf-ƒome si kpɔa hadzidzi le gbedoxɔ me ƒe nyawo gbɔ la me.
23
Elabe fia de se hewɔ ɖoɖo ɖe hadzilawo ƒe nuhiahiãwo ŋu abe ale si wòhiã gbe sia gbe la ene.
24
Petaxya, Mesezabeel viŋutsu si tso Yuda vi Zerax ƒe ƒome me lae nye Israelviwo teƒenɔla le Persia-fia gbɔ.
25
Yuda vi siwo nɔ woƒe agblewo me la dometɔ aɖewo nɔ Kiriyat-Arba kple eƒe kɔƒewo me, Dibon kple eƒe kɔƒewo me, Yekabzeel kple eƒe agbletawo,
26
Yesua, Molada kple Bet-Pelet,
27
Xazar-Sual, Beer-Seba kple eƒe kɔƒewo me,
28
Ziklag, Merona kple eƒe kɔƒewo me,
29
En-Rimon, Zora kple Yarmut,
30
Zanoax, Adulam kple eƒe agbletawo, Laxis kple eƒe agblewo me, Azeka kple eƒe kɔƒewo me. Ale womlo ɖe nu tso Beer-Seba va se ɖe Hinom-bali la me.
31
Benyamin viwo nɔ Geba le Mixmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo me,
32
Anatot, Nob, Ananya,
33
Xazor, Rama, Gitaim,
34
Xadid, Zeboim, Nebalat,
35
Lod kple Ono kple aɖaŋudɔwɔlawo ƒe bali la me.
36
Ke wotsɔ Levi viwo ƒe ha siwo nɔ Yuda la dometɔ aɖewo ɖakpe ɖe Benyamin viwo ŋu.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13