bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 9
Nehemiah 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 10 →
1
Le ɣleti ma ke ƒe ŋkeke bla eve vɔ enelia dzi la, Israelviwo va ƒo ƒu be yewoaɖe vevesese afia ɖe yewoƒe nuvɔ̃wo ta. Wotsi nu dɔ, ta akpanya eye wolɔ ke kɔ ɖe tame.
2
Do ŋgɔ la, woɖe wo ɖokui ɖe aga tso ame siwo katã menye Israelviwo o la gbɔ. Wotsi tsitre, eye woʋu nuvɔ̃ siwo woawo ŋutɔ kple wo tɔgbuiwo wɔ la me.
3
Eyome woxlẽ Aƒetɔ, woƒe Mawu ƒe se la na wo. Sea xexlẽ alea xɔ gaƒoƒo etɔ̃ lɔƒo. Le gaƒoƒo etɔ̃ siwo kplɔ sea xexlẽ ɖo me la, woʋu woƒe nuvɔ̃wo me, eye wode ta agu ɖe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ŋkume.
4
Nɔƒe kɔkɔ tɔxɛ aɖe li koŋ na Levi viwo, afi si Yesua, Bani, Kadmiel, Sebanya, Buni, Serebya, Bani kple Kenani, siwo katã nye Levi viwo la tsi tsitre ɖo. Tete Levi vi siawo do gbe ɖa kple gbe sesẽ na Aƒetɔ, woƒe Mawu la.
5
Azɔ Yesua, Kadmiel, Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, siwo katã nye Levi viwo la, do ɣli gblɔ be: “Mitsi tsitre ne miakafu Aƒetɔ, mia Mawu la; mikafui tso mavɔ me yi mavɔ me! Ame sia ame nekafu eŋkɔ kɔkɔe, si kɔ gbɔ yayra kafukafuwo katã ta.”
6
Ezra gblɔ be: “Wò ɖeka koe nye Aƒetɔ; wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒo kple wo ŋuti nuwo. Wòe wɔ anyigba kple atsiaƒu kpakple nu siwo katã le anyigba dzi kple atsiaƒu me. Wòe na agbe wo katã. Dziƒoʋakɔwo subɔa wò.
7
Wòe nye Aƒetɔ, Mawu, si tia Abram, kplɔe tso Ur le Kaldea, eye nètrɔ ŋkɔ nɛ be Abraham.
8
Èkpɔe be eɖi anukware na ye, eye nèbla nu kplii. Èdo ŋugbe be yeatsɔ Kanaantɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigbawo anae wòanye anyigba si dzi eƒe dzidzimeviwo anɔ. Èwɔ wò ŋugbedodo la dzi elabe nu dzɔdzɔe wɔla nènye.
9
Èkpɔ ale si mía tɔgbuiwo kpe fu le Egipte; èse woƒe ɣli le Aƒlaƒu nu.
10
Èwɔ dzesiwo kple nukunu manyagblɔwo tsɔ tsi tre ɖe Egipte Fiagã kple eƒe dɔlawo kpakple eƒe anyigba dzi tɔwo katã ŋu elabe ènya ale si wowɔ amemabunu ɖe wo ŋui. To ema me èna wò ŋkɔ ɖi hoo, abe ale si wògale ɖiɖim egbee ene.
11
Èma ƒu la me ɖe eve le wò dukɔ la ŋgɔ, eye nèkplɔ wo to anyigba ƒuƒui le ƒu titina. Ke ame siwo ɖe wo ɖe nu la nyrɔ ɖe tsia ƒe gogloƒewo abe ale si kpe yia to le ƒu dzeagbo me la ene.
12
Ètsɔ alilikpo dodo kplɔ wo le ŋkeke me, eye le zã me la, èna dzo klẽ ɖe mɔ dzi na wo.
13
Èɖi tso dziƒo va, le Sinai-to gbɔ. ȃo nu na wò dukɔ le afi ma, wɔ se nyuiwo na wo, eye woxɔ nufiame deblibowo tso gbɔwò.
14
Èfia wo be woawɔ wò dzudzɔgbewo kɔkɔe; ède sewo na wo to wò dɔla Mose dzi.
15
Esi dɔ wu wo la, èna abolo si tso dziƒo la wo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi do tso agakpe me na wo. Èɖe gbe na wo be woayi ɖaxɔ anyigba si ŋugbe nèdo na wo la, ne wòanye wo tɔ.
16
“Gake dàda va xɔ aƒe ɖe mía tɔgbuiwo me; wolia kɔ, eye wogbe be yewomawɔ wò sewo dzi o.
17
Wogbe be yewomaɖo to o. Woŋlɔ nu siwo katã nèwɔ la be. Womegaɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le wo dome la dzi o. Wolia kɔ tia kplɔla na wo ɖokui be wòakplɔ yewo ne yewoagbugbɔ ayi Egipte agazu kluviwo. Ke wò la, Mawu si tsɔa nuvɔ̃ kena la nènye. Dɔmenyo kple amenuveve yɔ mewò, eye nègbɔa dzi blewuu. Wò lɔlɔ̃ sɔgbɔ la na mègblẽ wo ɖi o.
18
Wowɔ nyivilegba na wo ɖokui, eye wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Esiae nye wò Mawu si kplɔ wò tso Egipte.’ Togbɔ be wowɔ busunu sia kple bubuwo hã la,
19
mègblẽ wo ɖe gbedzi o, le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Mèna alilikpo si nɔa ŋgɔ na wo le ŋkeke me la bu ɖe wo loo, alo dzò babla si klẽna ɖe mɔ dzi na wo le zã me la dzó le wo gbɔ o.
20
Èna wò gbɔgbɔ nyui la wo, be wòafia nu wo. Mèɖe wò mana le woƒe nu me o, eye èna tsi wo wono.
21
Ènyi wo ƒe bla ene sɔŋ le gbedadaƒo, eye naneke mehiã wo o. Awu mevuvu le wo ŋu o; woƒe afɔ hã mete o.
22
Ètsɔ dukɔwo kple fiaɖuƒewo de asi na wo. Èna woxɔ dukɔ siwo do liƒo kpli wo la ƒe anyigbawo. Èna woxɔ Xesbon-fia Sixon ƒe anyigba; èna woxɔ Basan-fia Og ƒe anyigba.
23
Èna wo viwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene, eye èkplɔ wo va anyigba si nègblɔ na wo tɔgbuiwo be woayi aɖaxɔ wòazu wo tɔ la gbɔ.
24
Woƒe dzidzimeviawo yi ɖadze anyigba la dzi, eye nèna woɖu Kanaantɔwo, ame siwo nye anyigbaa dzi nɔlawo la, dzi. Ètsɔ Kanaantɔawo, anyigba dzi fiawo kple wo teviwo siaa de wo si me be woawɔ wo ale si wolɔ̃.
25
Woxɔ du sesẽ geɖewo, anyigba wɔnukuwo, aƒewo kple xɔwo, siwo me yɔ fũu kple kesinɔnuwo. Woxɔ tsivudowo, waingblewo, amitigblewo kple atikutsetsegble vovovowo. Woɖu nu, ɖi ƒo, da ami, eye to nu nyui gbogbo siwo nève wo nu trɔ kɔ ɖe wo dzime la, woɖu agbe blibo.
26
“To esiawo katã gbɔ hã wosẽ to, dze aglã ɖe ŋuwò, tsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe. Wowu gbeƒãɖela siwo gbe nya na wo, ame siwo xlɔ̃ nu wo be woagbugbɔ va gbɔwò la, eye wowɔ busunu manyagblɔwo.
27
Eya ta ètsɔ wo de asi na woƒe futɔ siwo na wokpe fu vevie. Le woƒe fukpekpe me la, wodo ɣli yɔ wò be nàxɔ na yewo. Èse woƒe ɣli le dziƒo, eye le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu èna xɔnametɔwo wo, wova ɖe wo tso futɔawo si me.
28
Ke esi wogakpɔ gbɔdzɔe ko la, wogawɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò. Ale nèzi kpi kpɔ wo wogage ɖe futɔwo si me, eye futɔawo gate wo ɖe to. Gake esi wogado ɣli yɔ wò la, ègase woƒe kokoƒoƒo le dziƒo, eye nègaɖe wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu.
29
Èxlɔ̃ nu wo kple susu be yeato ema me atrɔ wo ɖe wò se la ŋu. Gake dàda yɔ wo ameawo me, eye wogbe toɖoɖo wò seawo godoo, evɔ wònye se mawo dzi wɔwɔe xɔa ame ɖe agbe hafi. Wotrɔ megbe de wò, lia kɔ, eye wogbe keŋkeŋ be yewomase nu o.
30
Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒè geɖee; ètsɔ wò Gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò gbeƒãɖelawo dzi gake wogbe, gagbe ake. Eya ta ètsɔ wo de asi na dukɔ siwo le anyigbawo dzi.
31
Gake le ale si gbegbe nèkpɔa nublanui ta la, mètsrɔ̃ wo loo, alo gblẽ wo ɖi o elabe wò la, Mawu amenuvela, nublanuikpɔlae nènye.
32
“Eya ta azɔ la, mía Mawu, Mawu gã ŋusẽtɔ, wò ame si ŋu ŋɔdzi le! Wò ame si léa wò nubabla kple wò lɔlɔ̃ matrɔ la me ɖe asi! Mègana fukpekpe siwo katã va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, míaƒe nunɔlawo, míaƒe gbeƒãɖelawo, mía tɔ́wo kple wò dukɔ blibo la dzi, tso Asiria-fiawo ŋɔli va de asi na egbe la, nanye nu tsɛ ko le ŋkuwò me o.
33
Tɔwò dzɔ be nu siawo katã dzɔ ɖe mía dzi. Nu si wòle be nàwɔ lae nèwɔ. Ke míawo ya, nu si menyo o lae míewɔ.
34
Míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mezɔ ɖe wò se la nu o. Womelé fɔ ɖe wò sededewo kple wò nuxlɔ̃amenyawo ŋu o.
35
Esi wole woƒe fiaɖuƒe me kple wò kesinɔnu gbogbo si nètsɔ ke wo la dome, eye wole anyigba gã wɔnu dzi hã la, womesubɔ wò o, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me o.
36
Kpɔ mí ɖa! Míezu kluviwo egbe le anyigba si nètsɔ na mía tɔgbuiwo, be woaɖu edzi kutsetsewo, eye woawɔ edzi nunana nyuiwo ŋudɔ; ke kpɔ ɖa, mienye kluviwo.
37
Anyigba la metsonu damiawo yina na fia siwo te nètsɔ mí de le míaƒe nuvɔ̃wo ta la. Fia siawo kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ameti la kple míaƒe lãwo siaa dzi; wowɔa nu sia nu si dze wo ŋu la mí faa. Míaƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ!”
38
Le nu siawo katã ta la, míebla nu, si maʋã o, ŋlɔe ɖi, eye míaƒe amegãwo, míaƒe Levi viwo kple míaƒe nunɔlawo ɖo ŋkɔ ete.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13