bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 10
Nehemiah 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 11 →
1
Ame siwo ɖo ŋkɔ ete lawoe nye anyigbaa dzikpɔla Nexemya, Xaxalya vi Zedekiya.
2
Seraya, Azarya, Yeremya,
3
Pasxur, Amarya, Malkiya,
4
Xatus, Sebanya, Malux,
5
Xarim, Meremot, Obadya,
6
Daniɛl, Gineton, Barux,
7
Mesulam, Abiya, Miyamin,
8
Maazya, Bilgai kple Semaya; woawoe nye nunɔlawo.
9
Levi viwo: Yesua Azanya vi, Binui si tso Xenadad viŋutsuwo dome kple Kadmiel,
10
wo tɔ bubuwoe nye: Sebanya, Hodiya, Kelita, Pelaya, Xanan,
11
Mixa, Rexob, Xasabya,
12
Sekur, Serebya, Sebanya,
13
Hodiya, Bani kple Beninu,
14
Dukɔ la ƒe tatɔwo: Pareos, Paxat-Moab, Elam, Zatu, Bani
15
Buni, Azgad, Bebai
16
Adoniya, Bigevai, Adin
17
Ater, Xizkiya, Azur,
18
Xodiya, Xasum, Bezai,
19
Xarif, Anatot, Nebai,
20
Magpias, Mesulam, Xezir,
21
Mesezabeel, Zadok, Yadua,
22
Pelatya, Xanan, Anaya
23
Hosea, Xananya, Xasub
24
Xaloxes, Pilxa, Sobek,
25
Rexum, Xasabna, Maaseya,
26
Axiya, Xanan, Anan
27
Malux, Xarim kple Baana.
28
Dukɔmetɔ mamlɛawo, nunɔlawo, Levi viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kple ame siwo katã ɖe wo ɖokui ɖa tso dukɔ bubuwo me tɔ siwo va le míaƒe anyigba dzi dome le Mawu ƒe Se la nu, míawo ŋutɔ, mía srɔ̃wo kple mía viŋutsu kpakple mía vinyɔnu siwo nyagbe tsi ate ŋu ase nu si gblɔm míele gɔme ko la,
29
míekpe ɖe mía nɔvi dukɔa me bubumewo ŋu hele atam kam be míazɔ ɖe Mawu ƒe Se si wòde to eƒe dɔla Mose dzi la nu, be míalé Aƒetɔ, mía Aƒetɔ ƒe sewo katã, kɔnuwo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye míawɔ wo dzi. Ne míetu atam sia la, fiƒode neva mía dzi.
30
Míatsɔ mía vinyɔnuwo ana anyigbaa dzi tɔwo viŋutsuwo woaɖe o, eye míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o.
31
Ne anyigbaa dzi tɔwo tsɔ woƒe adzɔnuwo alo agblemenukuwo vɛ le dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe aɖe dzi be yewoadzra la, míaƒle wo o. Le ƒè adrẽlia sia ƒe adrẽlia me la, míade agble o, eye ne míaƒe fe le ame aɖe ŋu la, míatsɔe akee.
32
Míetsɔe ɖo mía ɖokui dzi hã be ƒe sia ƒe la, mía dome ame sia ame nadzɔ klosalo gram atɔ̃ be woatsɔ ga si míakpɔ to nudzɔdzɔ sia me la anɔ nu siwo ahiã hena subɔsubɔ le mía Mawu ƒe aƒeme la wɔm.
33
Nu siawo ƒe ɖewoe nye: vɔsabolo, gbe sia gbe nuɖuɖuvɔsa, gbe sia gbe numemevɔsa, dzudzɔgbewo, dzinu yeye vɔsawo, ŋkeke ɖoɖiwo, nu kɔkɔeawo kple vɔsa hena Israel ƒe nuvɔ̃wo ɖeɖeɖa kpakple mía Mawu ƒe aƒe la ŋudɔwo katã.
34
Nenema ke mí nunɔlawo, Levi viwo kple dukɔ hahoa míedzidze nu ɖe nakenana dzi be Israel ƒe to vovovoawo nanɔ etsɔtsɔ va mía Mawu ƒe aƒe la me ɖɔlim le wo nɔewo dome ƒè sia ƒè. Woanɔ etsɔm vɛ le ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi be woatsɔe anɔ dzo dom le Aƒetɔ, mía Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖi le Se la me ene.
35
Míetsɔe ɖo mía ɖokui dzi hã be ƒe sia ƒe la, míatsɔ míaƒe agblemenuku gbãtɔwo kple míaƒe atikutsetse gbãtɔwo ava Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
36
Míatsɔ mía viŋutsu ŋgɔgbeviwo kple míaƒe aƒemelãwo: nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe vi gbãtɔwo ava na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.
37
Nenema ke míatsɔ amɔwɔ gbãtɔwo, míaƒe nudzɔdzɔ gbãtɔ, míaƒe kutsetseti ɖe sia ɖe ƒe tsetse gbãtɔ, míaƒe aha kple míaƒe ami gbãtɔwo ava na nunɔlawo le mía Mawu ƒe aƒe la me. Míadzɔ míaƒe agblemenukuwo ƒe akpa ewolia na Levi viwo, ame siwo dzɔa nuwo ƒe akpa ewolia le míaƒe agblededuwo me la.
38
Ne Levi viawo le nu ewolia dzɔm la, ele be nunɔla aɖe si nye Aron ƒe dzidzimevi la nanɔ wo ŋu. Levi viawo atsɔ nu ewolia siwo wodzɔ la ƒe ƒuƒoƒo ƒe akpa ewolia ayi nudzraɖoƒexɔwo me le mía Mawu ƒe aƒe la me.
39
Xɔ siawo mee Israel-dukɔmeviwo kple Levi viwo atsɔ nuku, aha kple ami siwo wodzɔ la ayii. Xɔ siawo mee gbedoxɔa me tsikunu kple agba vovovoawo nɔna. Afi mawo kee nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kpakple hadzilawo hã nɔna. Nuawo nayi alea be míagblẽ mía Mawu ƒe aƒe la ɖi ɣeaɖekeɣi o.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13