bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 13
Nehemiah 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
1
Gbe si gbe woxlẽ Mose ƒe se la na dukɔa la, woƒe to lɔ akpa aɖe si gblɔ be Amontɔ alo Moabtɔ aɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o.
2
Nu si ta wòle alea ɖo lae nye be wometsɔ abolo kple tsi va kpe Israelviwo le woƒe mɔzɔzɔ me o, eye woda Bileam ɖe wo ŋu be wòaƒo fi ade wo, ke mía Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra.
3
Esi ameawo se sedede sia la, woɖe amedzro siwo katã tsaka wo la le wo dome.
4
Do ŋgɔ la, wotsɔ xɔ siwo le Mawu ƒe aƒe la ŋu la de nunɔla Elyasib ƒe dzikpɔkpɔ te. Esi Elyasib do ƒome kple Tobiya ta la,
5
edzra xɔdɔme lolotɔ ɖeka me ɖo tsɔ na Tobiya. Evɔ xɔ ma mee wotsɔa numemevɔsa, atike ʋeʋẽe, agbawo kple kpluwo, bli, wain kple ami ƒe akpa ewolia siwo nye Levi viwo, hadzilawo kple agbonudzɔlawo tɔ kpakple nu siwo wodzɔ na nunɔlawo la hã dzrana ɖo tsã.
6
Nyemenɔ Yerusalem hafi nu sia nɔ dzɔdzɔm o; menɔ Babilonia elabe le Babilonia-fia Artaxsasta ƒe dziɖuɣi ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ evelia me la, medzo le Yerusalem yi fia la gbɔ. Mebia mɔ fiaa le ɣeyiɣi aɖe megbe,
7
eye metrɔ va Yerusalem. Ɣe ma ɣie meva ke ɖe nu gbegblẽ si Elyasib wɔ la ŋu. Edzra Mawu ƒe aƒeme xɔ ɖeka me ɖo na Tobiya wòle eme.
8
Dzi kum ŋutɔ. Mefɔ Tobiya ƒe xɔ me nuwo katã ƒu gbe ɖe gota.
9
Tete mena wokɔ̀ xɔa ŋu, eye mena wogafɔ Mawu ƒe aƒeme nuɖuɖuvɔsaawo kple atike ʋeʋẽeawo va da ɖe eme.
10
Meva se hã be womeganɔa nu siwo amewo dzɔ ƒe akpa si nye Levi viwo tɔ kple esi nye hadzilawo tɔ la hã tsɔm na wo o; eya ta Levi viawo kple hadzilaawo, ame siwo nɔa subɔsubɔdɔawo wɔm tsã la, dzo yi ɖale agble dem.
11
Meka mo na amegãawo be: “Nu ka ta miegblẽ Mawu ƒe aƒe la ɖi ale?” Eyome megaƒo Levi viawo kple hadzilaawo nu ƒu hetsɔ wo ɖo wo teƒe.
12
Tete Yuda blibo la gade asi woƒe nukuwo, wain kple ami ƒe akpa ewolia tsɔtsɔ va nudzraɖoƒexɔawo mee.
13
Azɔ metia nunɔla Selemya, agbalẽŋlɔla Zadok kple Pedaya, si nye Levi viwo dometɔ ɖeka, eye metsɔ nudzraɖoƒexɔawo dzi kpɔkpɔ de wo si. Meɖe Xanan, Zakur vi, si nye Matanya ƒe tɔgbuiyɔvi la hã na wo be wòanɔ kpekpem ɖe wo ŋu. Metia ame siawo elabe amewo ɖi ɖase le wo katã ŋu be anukwaretɔwo wonye. Meɖo na wo hã be woawo nanɔ nu siwo amewo dzɔ la mam na wo tɔwo.
14
O nye Mawu, wò ŋku nanɔ nu sia dzi, eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã mewɔ na nye Mawu ƒe aƒe la kple mawusubɔsubɔ le Mawu ƒe aƒe la me be o.
15
Le ɣe ma ɣiwo me le Yuda la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiãm le dzudzɔgbe, eye mekpɔ ame aɖewo hã wonɔ lubablawo tsɔm va aƒee. Nenema ke, wotsɔ waintsetse, gbotitsetse kple agbà ƒomevi vovovowo do agba na woƒe tedziwo hetsɔ va Yerusalem le dzudzɔgbe la. Tete megbe nya na wo gbe si gbe wole nuɖuɖuawo dzram la.
16
Tirotɔ siwo nɔ dua me la hã tsɔa tɔmelã kple nu bubu geɖewo vanɛ va dzrana na Yudatɔwo le dzudzɔgbe la le Yerusalem.
17
Tete meka mo na Yuda-bubumewo be: “Miele kɔ gblẽm ɖo na dzudzɔgbe la! Nu vɔ̃ɖi kae nye esi wɔm miele?
18
Ðe menye nu siae mia tɔgbuiwo wɔ ta mía Mawu na dzɔgbevɔ̃e siawo katã va míawo ŋutɔ kple du sia dzi oa? Gake miegale kɔ gblẽm ɖo na dzudzɔgbe la heto ema me le kɔ lim dɔmedzoe geɖe wu ɖi na Israel.”
19
Tso ɣe ma ɣi dzi la, mede se be ne ɣe nyaɖo to le Yerusalem-gbowo nu, eye wòsusɔ vie dzudzɔgbe nadze egɔme ko la, woado agboawo, eye ame aɖeke nagaʋu wo o, va se ɖe esime dzudzɔgbe la nava yi. Meɖe amewo tso nye subɔlawo dome ɖo agboawo nu hã be womegalɔ̃ ne ame aɖeke natsɔ agba va dua me le dzudzɔgbe o.
20
Ke asitsalawo kple nu kpotoe dzrala aɖewo va tsi Yerusalem-dua godo dɔ zi ɖeka alo eve.
21
Meka mo na wo be: “Nu ka ta miava tsi glia godo adɔ? Ne miegawɔe la, malé mi.” Tso ema dzi la, womegava tsi glia gɔme dɔ le dzudzɔgbe kpɔ o.
22
Megblɔ na Levi viwo be woakɔ wo ɖokui ŋu, eye woava dzɔ agboawo nu ne woawɔ dzudzɔgbe la kɔkɔe. Ðo ŋku edzi nàwɔ nyui nam ɖe esia hã nu, O Mawunye, eye nàlém ɖe te le wò lɔlɔ̃ gã, si metrɔna o la nu.
23
Mekpɔ dze sii le ɣe ma ɣiwo me hã be Yuda-ŋutsu aɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab.
24
Wo viwo ƒe afã doa Asdod-gbe, ke womete ŋu doa Yuda-gbe o; dukɔ bubuwo ƒe gbe ko wodona.
25
Meka mo na wo, ƒo fi de wo; meƒo wo, eye menyɔ woƒe ɖa. Mena wotà nu le Mawu ŋkɔ me. Megblɔ na wo be: “Migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo o, alo miaɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo loo, alo miawo ŋutɔ miaɖe wo o.
26
Ðe menye nyɔnu siawo ƒomevi ɖeɖee na Israel-fia Salomo wɔ nuvɔ̃ oa? Fia aɖeke mede enu le afi aɖeke o; eƒe Mawu lɔ̃e vevie, eye wòtsɔe ɖo fia ɖe Israel katã nu. Gake dzronyɔnuwoe na eya kekeake hã wɔ nuvɔ̃.
27
Ɖe míase le mia ŋu be miewɔ nu gbegblẽ gã sia hewɔ vɔ̃ ɖe mía Mawu la ŋu be mieɖe nyɔnu tso dutaa?”
28
Nunɔlagã Elyasib ƒe tɔgbuiyɔvi ɖeka, si nye via Yoyada vi la ke hã nye Sanebalat, Xorontɔ la ƒe toyɔvi, eya ta menyàe ɖa le ŋunye.
29
O nye Mawu, wò ŋku nenɔ wo dzi le ale si woɖi gbɔ nunɔlanyenye, eye wodo vlo nubabla si le wò kple nunɔlawo kpakple Levi viwo dome la ta.
30
Ale meɖe dzronyigba dzi tɔwo kple woƒe kɔnuwo katã ɖa le wo dome, eye mekpɔ egbɔ be nunɔlawo kple Levi viwo nya woƒe dɔdeasiwo kple se siwo nu wòle be woazɔ ɖo la nyuie.
31
Nenema ke metsɔa nakevɔsa vanɛ le ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi hekpe ɖe dɔwɔwɔ metsonu gbãtɔwo tsɔtsɔ vɛ ŋu. O nye Mawu, ɖo ŋku dzinye eye nàwɔ nyui nam ɖe wo nu.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13