bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 7
Nehemiah 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 8 →
1
Míegbugbɔ glia ɖo vɔ azɔ, de agboawo, ɖo agbonudzɔlawo wo nɔƒewo, eye míetsɔ hadzilawo kple Levi viwo ƒe dɔwo de asi na wo.
2
Metsɔ Yerusalem-du la dzi kpɔkpɔ de asi na nɔvinye Xanani kple Xananya. Xananya siae nye asrafomegã si ƒe dzikpɔkpɔ te Yerusalem-mɔ́ la nɔ. Eyama nye ame ɖoŋuɖeŋua kple mawuvɔ̃la aɖe si tɔgbe mebɔ o.
3
Megblɔ na wo be: “Ne ŋu ke la, migana woaʋu Yerusalem ƒe agboawo o, va se ɖe esime ŋdɔ naʋu nyuie, eye ne ɣe le to ɖom la, mina woado wo, ade gameti wo me hafi agbonudzɔlawo nado le dɔ me. Mitia dzɔlawo tso Yerusalem-dua me tɔwo dome. Mina ɖewo nanɔ dua ƒe akpa tɔxɛ aɖewo dzɔm, eye bubuawo nanye dzɔlawo le woawo ŋutɔ ƒe aƒewo gbɔ lɔƒo.”
4
Yerusalem-du la lolo ŋutɔ. Ele nyadrii gake amewo mesɔ gbɔ le eme o. Xɔtuƒe geɖewo li siwo wometu xɔ ɖo haɖe o.
5
Tete Mawu na mese le ɖokuinye me be ele be mayɔ bubumewo, dudzikpɔlawo kple dukɔa me tɔ bubuawo aƒo ƒu, aŋlɔ wo ŋkɔwo ɖe woƒe ƒomewo nu. Meva ke ɖe ame siwo gbɔ tso aboyo me le hatsotso gbãtɔ me la ƒe ŋkɔgbalẽ ŋu. Woŋlɔ ŋkɔawo ɖe eme ɖe ƒomewo nu.
6
Ame siwo Babilonia-fia Nebukadnezar ɖe aboyo yi Babilonia la dometɔ geɖewo trɔ gbɔ va Yerusalem kple Yuda-nyigba dzi, eye geɖeawo yi wo dewo. Ame siawo ƒe ƒomewo nɔ Babilonia-nutome tso esime fia la lé wo yi afi ma.
7
Wogbɔ kple: Zerubabel, Yesua, Nexemya, Azarya, Raamya, Naxamani, Mardoxai, Bilsan, Misperet, Bigevai, Nexum kple Baana. Israel-dukɔ la ƒe ŋutsuwo xexlẽmee nye esi:
8
Pareos viŋutsuwo le ame akpe eve alafa ɖeka bla adrẽ vɔ eve.
9
Sefatya viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla adrẽ vɔ eve.
10
Arax viŋutsuwo le ame alafa ade bla atɔ̃ vɔ eve.
11
Paxat-Moab viŋutsu siwo tso Yesua kple Yoab viŋutsuwo dome la le ame akpe eve alafa enyi wui enyi.
12
Elam viŋutsuwo le ame akpe ɖeka alafa eve bla atɔ̃ vɔ ene.
13
Zatu viŋutsuwo le ame alafa enyi bla ene vɔ atɔ̃.
14
Zakai viŋutsuwo le ame alafa adrẽ bla ade.
15
Binui viŋutsuwo le ame alafa ade bla ene vɔ enyi.
16
Bebai viŋutsuwo le ame alafa ade bla eve vɔ enyi.
17
Azgad viŋutsuwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ bla eve vɔ eve.
18
Adonikam viŋutsuwo le ame alafa ade bla ade vɔ adrẽ.
19
Bigevai viŋutsuwo le ame akpe eve bla ade vɔ adrẽ.
20
Adin viŋutsuwo le ame alafa ade bla atɔ̃ vɔ atɔ̃.
21
Ater viŋutsuwo siwo nye Xizkiya-hawo le ame bla asieke vɔ enyi.
22
Xasum viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla eve vɔ enyi.
23
Bezai viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla eve vɔ ene.
24
Xarif viŋutsuwo le ame alafa ɖeka wui eve.
25
Gibeon viŋutsuwo le ame bla asieke vɔ atɔ̃.
26
Betlehem-ŋutsuwo kple Netofa-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka bla eve vɔ enyi.
27
Anatot-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka bla eve vɔ enyi.
28
Bet Asmavet-ŋutsuwo le ame bla ene vɔ eve.
29
Kiryat-Yearim-ŋutsuwo, Kefira-ŋutsuwo kple Beerot-ŋutsuwo le ame alafa adrẽ bla ene vɔ etɔ̃.
30
Rama-ŋutsuwo kple Geba-ŋutsuwo le ame alafa ade bla eve vɔ ɖekɛ.
31
Mixmas-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka bla eve vɔ eve.
32
Betel-ŋutsuwo kple Ai-ŋutsuwo le ame alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃.
33
Nebo evelia ƒe ŋutsuwo le ame bla atɔ̃ vɔ eve.
34
Elam evelia ƒe ŋutsuwo le ame akpe ɖeka alafa eve bla atɔ̃ vɔ ene.
35
Xarim viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla eve.
36
Yerixo viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla ene vɔ atɔ̃.
37
Lod viŋutsuwo, Hadid viŋutsuwo kple Ono viŋutsuwo le ame alafa adrẽ bla eve vɔ ɖekɛ.
38
Senaa viŋutsuwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke bla etɔ̃.
39
Nunɔlaawo: Yedaya, ame si tso Yesua ƒeme la viŋutsuwo le ame alafa asieke bla adrẽ vɔ atɔ̃.
40
Imer viŋutsuwo le ame akpe ɖeka bla atɔ̃ vɔ eve.
41
Pasxur viŋutsuwo le ame akpe ɖeka alafa eve bla ene vɔ adrẽ.
42
Xarim viŋutsuwo le ame akpe ɖeka wui adrẽ.
43
Levi viawo: Yesua kple Kadmiel, ame siwo tso Hodeva viŋutsuwo dome la viŋutsuwo le ame bla adrẽ vɔ ene.
44
Hadzilaawo: Asaf viŋutsuwo le ame alafa ɖeka bla ene vɔ enyi.
45
Agbonudzɔlaawo: Salum viŋutsuwo, Ater viŋutsuwo, Talmon viŋutsuwo, Akub viŋutsuwo, Xatita viŋutsuwo kple Sobai viŋutsuwo, wole ame alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ enyi.
46
Gbedoxɔ me dɔwɔlaawo: Zixa viŋutsuwo, Xasifa viŋutsuwo, Tabaot viŋutsuwo,
47
Keros viŋutsuwo, Sia viŋutsuwo, Padon viŋutsuwo,
48
Lebana viŋutsuwo, Xagaba viŋutsuwo, Salmai viŋutsuwo,
49
Xanan viŋutsuwo, Gidel viŋutsuwo, Gaxar viŋutsuwo
50
Reaya viŋutsuwo, Rezin viŋutsuwo, Nekoda viŋutsuwo
51
Gazam viŋutsuwo, Uza viŋutsuwo, Peseax viŋutsuwo,
52
Besai viŋutsuwo, Meunitɔwo ƒe viŋutsuwo, Nefusitɔwo ƒe viŋutsuwo
53
Bakbuk viŋutsuwo, Xakufa viŋutsuwo, Xarxur viŋutsuwo
54
Bazlut viŋutsuwo, Mexida viŋutsuwo, Xarsa viŋutsuwo,
55
Barkos viŋutsuwo, Sisera viŋutsuwo, Temax viŋutsuwo,
56
Neziax viŋutsuwo kple Xatifa viŋutsuwo.
57
Salomo ƒe subɔlawo viŋutsuwo nye: Sotai viŋutsuwo, Soferet viŋutsuwo, Perida viŋutsuwo,
58
Yaala viŋutsuwo, Darkon viŋutsuwo, Gidel viŋutsuwo,
59
Sefatya viŋutsuwo, Xatil viŋutsuwo, Poxeret-Hazebayim viŋutsuwo kple Amon viŋutsuwo.
60
Gbedoxɔ me dɔwɔlawo katã kple Salomo ƒe subɔlawo viŋutsuwo le ame alafa etɔ̃ bla asieke vɔ eve.
61
Ame siwo tso Tel-Melax, Tel-Xarsa, Kerub, Adon kple Imer va, eye womete ŋu fia wo tɔ́wo ƒe ƒome alo woƒe dzɔtsoƒe le Israelviwo dome la woe nye:
62
Delaya viŋutsuwo, Tobiya viŋutsuwo kple Nekoda viŋutsuwo. Wole ame alafa ade bla ene vɔ eve.
63
Wo dometɔ siwo tso nunɔlawo dome hãe nye: Xabaya viŋutsuwo, Hakoz viŋutsuwo kple Barzilai, ame si ɖe srɔ̃ tso Gileadtɔ Barzilai vinyɔnuwo dome, eye nyɔnua ŋkɔ tsi eŋu la viŋutsuwo.
64
Ame siawo di wo tɔgbuiŋkɔ le dzidzimegbalẽawo me gake womekpɔe o, eya ta wobu wo be womekɔ̀ anye nunɔlawo o.
65
Anyigba dzikpɔla la de se na wo be womekpɔ mɔ agaɖu vɔsanu kɔkɔetɔa ƒe ɖeke o, negbe nunɔla aɖe ɖe wòtsɔ Urim kple Tumim va tso nya me hafi.
66
Ameha blibo la le akpe bla ene vɔ eve alafa etɔ̃ bla ade.
67
Woƒe dɔlaŋutsuwo kple woƒe dɔlanyɔnuwo mele xexlẽme sia me o; woawo le ame akpe adrẽ alafa etɔ̃ bla etɔ̃ vɔ adrẽ. Woƒe ŋutsuhadzilawo kple nyɔnuhadzilawo le ame alafa eve bla ene vɔ atɔ̃.
68
Woƒe sɔwo le alafa adrẽ bla etɔ̃ vɔ ade, woƒe tedzisɔwo le alafa eve bla ene vɔ atɔ̃,
69
kposɔwo le alafa ene bla etɔ̃ vɔ atɔ̃, eye tedziwo le akpe ade alafa adrẽ bla eve.
70
Aƒekɔwo ƒe tatɔ aɖewo na nu ɖe dɔ la ŋu. Nu siwo anyigba dzikpɔla na hetsɔ de kesinɔnudzraɖoƒe la me la woe nye: sika kilo enyi, kɔnuwɔgbegagba bla atɔ̃, nunɔlawo ƒe dziwui alafa atɔ̃ bla etɔ̃.
71
Nu siwo aƒekɔwo ƒe tatɔ aɖewo na hetsɔ de kesinɔnuawo me ɖe dɔ la ŋu la woe nye: sika kilo alafa ɖeka bla ade vɔ enyi kple klosalo kilo akpe ɖeka bla ade vɔ enyi kpa kple klosalo kilo akpe ɖeka alafa eve bla atɔ̃.
72
Nu siwo dukɔ mamlɛa na la woe nye: sika kilo alafa ɖeka bla ene kple nunɔlawo ƒe dziwui bla ade vɔ adrẽ.
73
Ale nunɔlawo, Levi viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, dukɔmetɔ bubu geɖewo, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kple Israel blibo yi ɖale wo deduwo me. Esi ƒè la ƒe ɣleti adrẽlia ɖo la, Israelviwo le woƒe duwo me.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13