bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Nehemiah 3
Nehemiah 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 4 →
1
Elyasib, nunɔlagã la kple wo tɔ nunɔla bubuawo tso dze dɔa dzi. Wotu Alẽgbo ƒe mɔnu la, kɔ eŋu eye wode ʋɔtruwo enu. Eyome wokɔ glia ŋu va ɖo Xɔ Tsrala Alafa gbɔ, eye woyi edzi va se ɖe Xɔ Tsrala Xananel gbɔ.
2
Yerixo-ŋutsuwo ɖo glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la, eye Sakur, Imri vi, ɖo akpa si kplɔ Yerixo-ŋutsuawo tɔ ɖo la.
3
Hasena viŋutsuwo tu Tɔmelãgbo la: wode ʋɔtrutiwo, ʋɔtruwo, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedetiwo wo ŋu.
4
Ame si dzra glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ŋu ɖo lae nye Meremot, Uriya vi, Hakoz ƒe tɔgbuiyɔvi. Ame si dzra akpa si va ɖe Meremot tɔ yome ɖo lae nye Mesulam, Mesezabeel vi, Berexya ƒe tɔgbuiyɔvi. Zadok, Baana vie dzra akpa si kplɔe ɖo la ɖo.
5
Tekoatɔwo dzra glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la. Ke Tekoatɔwo ƒe bubumewo ya gbe, womede asi woƒe aƒetɔ ƒe dɔ la me o.
6
Yoyada, Peseax vi kple Mesulam, Besodya vi, nye ame siwo dzra Agbo Xoxo la ɖo: woawoe ɖi ʋɔtrutiawo, de ʋɔtruawo wo ŋu, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedetiwo teƒe siwo wòle be woanɔ la.
7
Ame siwo dzra glia ƒe akpa si gakplɔe ɖo lae nye Melatya, Gibeontɔ la kple Mizpatɔ bubu siwo nɔ Tɔgodo Nutomedzikpɔla ƒe dziɖuɖu te.
8
Uziel, Xarhaya vi, si nye sikanutula lae dzra akpa si kplɔ Melatya tɔ la ɖo. Xananya si nye ami ʋeʋẽe ɖala lae dzra akpa si va ɖe esia yome la ɖo va se ɖe Gli Gbadza la nu.
9
Refaya, Xur vi, si nye mɔ́mefia le Yerusalem-nutome ƒe afã nu lae dzra glia ƒe akpa si gava ɖe esia yome la ɖo.
10
Yedaya, Harumaf vi dzra akpa si gakplɔe ɖo la ɖo. Akpa sia dze ŋgɔ eƒe aƒe. Xatus, Xasbneya vie dzra akpa si va ɖe esia yome la ɖo.
11
Milkiya, Xarim vi kple Xasub Paxat, Moab vi nye ame siwo dzra glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo. Woawo kee dzra Dzokpowo ƒe Xɔ Tsrala la ɖo.
12
Salum, Xaloxes vi, si nye Yerusalem-nutome ƒe afã evelia dzikpɔla lae dzra glia ƒe akpa si gakplɔe ɖo la ɖo. Via nyɔnuwo kpe ɖe eŋu le dɔa wɔwɔ me.
13
Xanun kple Zanoaxtɔwoe dzra Balimegboa ɖo: wogbugbɔe ɖo, de ʋɔtruawo enu eye wode ʋɔtruŋugaawo kple ʋɔmedetiawo wo nɔƒewo. Eyome wodzra glia ɖo va se ɖe Akɔligboa gbɔ. Akpa si woawo ɖeɖe dzra ɖo la didi meta alafa ene bla ene.
14
Malkiya, Rexab vi, si nye amegã le Bet Hakerem lae dzra Akɔligbo la ɖo: egbugbɔe ɖo, de agbo enu eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedetiwo agboa ŋu.
15
Salum, Kol-Xoze vi, ame si nye amegã le Mizpa-nutowo me lae dzra Vudogbo la ɖo. Egbugbɔe tu, gbae abe xɔ ene, de ʋɔtruwo enu, eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedetiwo ʋɔtruawo ŋu. Eɖo Selax tá la ƒe gli si le fia ƒe abɔ kple atrakpui si ɖiɖi tso David ƒe du me, dome la.
16
Nexemya, Abzuk vi, si nye amegã le Bet-Zur nutome ƒe afã nu la hã dzra glia ɖo tso Salum tɔ seƒe ʋu keke va ɖo David ƒe yɔdo gbɔ, gatso le afi ma yi do si woku tsɔ wɔ tá la gbɔ, ʋuu keke va do ɖe fia ƒe asrafowo nɔƒe gbɔ.
17
Le eya yome Levi viwo hã dzra glia ƒe akpa aɖewo ɖo: Rexum, Bani vi, dzra akpa aɖe ɖo; Xosabya, si nye Keila-nutome ƒe afã dzikpɔla la dzra akpa si va ɖe Rexum tɔ yome la ɖo. Ewɔ dɔ sia ɖe eƒe nutome nu.
18
Bavai, Xenadad vi, si nye Keila-nutome ƒe afã evelia dzikpɔla, dzra akpa si va ɖe Rexum tɔ yome la ɖo.
19
Ame si dzra glia ƒe akpa si va ɖe Bavai tɔ yome ɖo lae nye Eser, Yesua vi, si nye amegã le Mizpa la. Akpa sia dze ŋgɔ togbɛ si lia yi aʋawɔnuxɔ gbɔ. Eƒe seƒee nye glia ƒe dzogoe dzi.
20
Barux, Zabai vi, dzra akpa si va ɖe Eser tɔ yome la ɖo va se ɖe nunɔlagã Elyasib ƒe agbo nu.
21
Eya yome Meremot, Uriya vi, Xakoz ƒe tɔgbuiyɔvi, dzra glia ɖo tso Elyasib ƒe aƒe ƒe agbo nu va se ɖe aƒea ƒe nuwuƒe.
22
Eyome nunɔla siwo nye ŋutsuwo tso Gbegbe la la dzra akpa si kplɔ Uriya tɔ ɖo la ɖo.
23
Benyamin kple Xasub dzra akpa si kplɔ nunɔlaawo tɔ ɖo la ɖo. Akpa sia dze ŋgɔ Benyamin ƒe aƒe kple Xasub ƒe aƒe. Azarya si nye Maaseya vi kple Ananya ƒe tɔgbuiyɔvi lae dzra akpa si kplɔe ɖo la ɖo. Akpa sia le eƒe aƒe gbɔ.
24
Benui, Xenadad vi, dzra akpa si kplɔe ɖo la ɖo. Akpa sia tso Azarya ƒe aƒe gbɔ va se glia ƒe dzogoe dzi.
25
Palal, Uzai vie dzra glia ƒe akpa si le tɔtrɔƒea kple Xɔ Tsrala dzigbemetɔ si le fiasã ŋu le gaxɔ ƒe xɔxɔnu la kasa la ɖo.
26
Pedaya, Paros vi kple gbedoxɔ me dɔ gblɔe wɔla siwo nɔ Ofel lae dzra glia ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo va se ɖe Xɔ Tsrala si do gɔ̃ɔ le Tsigbo la ƒe ɣedzeƒe gome la kasa.
27
Tekoatɔwoe dzra akpa si va ɖe esia yome la ɖo. Wo tɔ tso Xɔ Tsrala gã si do gɔ̃ɔ la ŋkume va se ɖe Ofel ƒe gli gbɔ.
28
Tso Sɔgbo gbɔ heyi la, nunɔlawo ƒe ha aɖee va dzra glia ɖo. Ðe sia ɖe xɔ akpa si dze ŋgɔ eƒe aƒe la dzra ɖo.
29
Zadok, Imer vi, hã dzra akpa si dze ŋgɔ eƒe aƒe ɖo; eya yome Semaya, Sexanya vi, si nye ɣedzeƒegbo nudzɔla la hã dzra akpa aɖe ɖo.
30
Eyome Xananya, Selemya vi, dzra akpa aɖe ɖo eye Xanun, si nye Zalaf vi adelia la dzra akpa si gava ɖe esiawo yome la ɖo. Le eya megbe Mesulam, Berexya vi, dzra akpa si dze ŋgɔ eƒe aƒe ŋkume ɖo.
31
Sikaɖaŋudɔwɔla Malkiya nye ame si dzra akpa si va ɖe Mesulam tɔ yome la ɖo va se ɖe gbedoxɔ me dɔwɔlawo kple nudzralaawo ƒe aƒe gbɔ, tso Ŋudzɔnɔgbo ƒe sɔsɔme yi dziƒoxɔ si le glia ƒe dzogoe dzi la gbɔ.
32
Sikaɖaŋudɔwɔla mamlɛawo kple nudzralawoe dzra glia ƒe akpa mamlɛtɔ ɖo. Akpa sia tso le dziƒoxɔ dzogoedzitɔ gbɔ va se ɖe Alẽgbo la gbɔ.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13