bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 1
2 Samuel 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 2 →
1
Le Saul ƒe ku megbe la, David gbɔ tso aʋa si wòde ɖawɔ le Amalek, eye wòtsi Ziklag ŋkeke eve.
2
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe tso Saul ƒe asaɖa me va do. Eƒe awu vuvu, eye ke le tame nɛ. Esi wòva David gbɔ la, ebɔbɔ eye wòde ta agu.
3
David biae be: “Afi ka nètso?” Eɖo eŋu be: “Israel ƒe asaɖa mee mesí tso.”
4
David biae be: “Afi ma maniɛ ɖe? Bɔe nam.” Eɖo eŋu be: “Míaƒe aʋakɔ la sí le futɔawo nu, eye ame geɖewo tsi aʋa le wo dome. Wowu Saul kple via Yonatan.”
5
David bia ɖekakpui si va to nya la be: “Ale ke nèwɔ nya be Saul kple via Yonatan ku?”
6
Eɖo eŋu be: “Menɔ Gilboa-to dzi; nu do go ɖe nu nu ko wònye be menɔ afi ma le ɣe ma ɣi me. Tete mekpɔ Saul wòziɔ ɖe eƒe akplɔ ŋu, eye tasiaɖam kple sɔdolawo tu ta egbɔ nɔ tetem ɖe eŋu.
7
Esi wònye kɔ kpɔm la, eyɔm, eye metɔ be, ‘Nyee nye esi!’
8
Ebiam be ame kae menye mahã, eye megblɔ nɛ be Amalekitɔ menye.
9
Egblɔ nam be, ‘Te ɖe ŋunye ne nàwum! Mese veve ʋuu de kuku ge hã do kpoe.’
10
Ale mete ɖe eŋu hewui elabe mekpɔe dze sii kɔtɛe be, ne edze anyi la, aku godoo. Azɔ meɖe fiakuku la le eta, ɖe alɔnuga si le eƒe alɔnu la hã, eye metsɔ wo va afii na wò, nye aƒetɔ.”
11
Tete David dze awu le eɖokui ŋu, eye eƒe amewo hã dze wo tɔ.
12
Wofa konyi, fa avi hetsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wowɔ esia na Saul kple Yonatan kple Israel-dukɔ kpakple Aƒetɔ ƒe ame siwo katã tsi aʋa la.
13
David bia ɖekakpui si va to nya la nɛ la be: “Du ka me tɔ nènye?” Eɖo eŋu be: “Amedzro aɖe, si nye Amalekitɔ la vie menye.”
14
David gabiae be: “Nu ka! Ko mèvɔ̃ o, nèdo dzi wu Aƒetɔ ƒe amesiamina la?”
15
Tete David yɔ ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Zɔ ɖe edzi nàwui!” Ɖekakpuia da nu Amalekitɔ la, eye wòku.
16
David gblɔ na Amalekitɔ la be: “Wò ʋu anɔ wò ŋutɔ wò ta dzi elabe èbu fɔ ɖokuiwò esime nèke nu gblɔ be: ‘Nyee wu Aƒetɔ ƒe amesiamina la.’ ”
17
Tete David kpa konyifaha sia le Saul kple Yonatan ŋu,
18
eye wòɖe gbe be woafiae Yuda-dukɔmetɔwo. Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖe Yasar ƒe agbalẽ me. Ha lae nye:
19
“Aléle! Israel, kplɔwòla bubutɔwoe nye ekem wowu le wò togbɛwo dzi! Ale ke wɔ ŋusẽtɔwo tsi aʋa alea!
20
Migagblɔe le Gat o; migaɖe gbeƒãe le Askalon ƒe ablɔwo dzi, ne Filisti vinyɔnuwo nava kpɔ dzidzɔ o; ne bolobolotɔ vinyɔnuwo nava tso aseye o.
21
“Mi Gilboa-towo, migana zãmu alo tsi nagadza ɖe mia dzi o; tomenuwo megaho ɖe dzi o! Elabe afi mae wogblẽ kɔ ɖo na ŋusẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo le. Saul ƒe akpoxɔnu, womesi ami nɛ o!
22
Yonatan ƒe dati megbea aʋatsiawo ƒe ʋu, kple ŋusẽtɔwo ƒe ami me dede o. Saul ƒe yi megbɔna ƒuƒlu o.
23
“Saul kple Yonatan nyakpɔna, amewo lɔ̃ woƒe nya vevie. Tsi meto wo dome le agbe me o, eye le ku me ke hã wo dome mema o. Woɖea abla wu hɔ̃; wosesẽ wu dzata.
24
“Mi Israel vinyɔnuwo, mifa avi na Saul. Eyae na miedo avɔ dzĩ biɖibiɖi wu, eye wòna miekpla sikanuwo ɖe wo dzi, tsɔ ɖo atsyɔ̃e.
25
“Ale ke wɔ ŋusẽtɔwo dze anyi le aʋa domedome ale? Wowu Yonatan da ɖe togbɛ dzi wòmlɔ anyigba!
26
“Nɔvinye Yonatan, tɔwò le veyem lo! Wò ame bliboa esɔe nam ale gbegbe! Wò lɔlɔ̃ nam nye nuku; eƒo nyɔnu ƒe lɔlɔ̃ ta.
27
“Ale ke wɔ ŋusẽtɔwo dze anyi alea! Woƒe aʋawɔnuwo vɔ ɖe ya me!”
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24