bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 2
2 Samuel 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 3 →
1
Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, David bia Aƒetɔ be: “Mayi ɖanɔ Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea?” Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Yi.” David bia be: “Ka mee mayi?” Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Yi Xebron.”
2
Ale David yi Xebron kple srɔ̃a eveawo, Axinoam Yezreeltɔ kple Abigail, Nabal ƒe ahosia, tso Karmel.
3
Ekplɔ ame siwo le eŋu la hã yii, ɖe sia ɖe kple eƒemetɔwo, eye woɖanɔ du siwo le Xebron gbɔ la me.
4
Tete Yuda-ŋutsuwo va David gbɔ le Xebron, eye wosi ami nɛ wòzu fia le Yuda. Esi wogblɔ na David be: “Yabestɔ siwo le Gilead lae ɖi Saul” la,
5
edɔ ame ɖo ɖe wo be wòaɖagblɔ na wo be: “Aƒetɔ neyra mi le esi miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ Saul be mieɖii la ta.
6
Le nu si miewɔ ta, Aƒetɔ nenyo dɔme eye wòaɖi anukware na mi. Nye hã mawɔ nyui na mi le nu si miewɔ ta.
7
Azɔ mido ŋusẽ nu, eye miwɔ kalẽ! Elabe miaƒe aƒetɔ Saul ku, eye Yudatɔwo si ami nam be manye yewoƒe fia.”
8
Ke Saul ƒe aʋakplɔla Abner, Ner vi, sí kple Saul vi, Isboset yi Maxanaim le Yordan godo.
9
Abner ɖoe fiae le afi ma ɖe Gileadtɔwo, Asertɔwo, Yezreeltɔwo, Efrayimtɔwo, Benyamintɔwo kple Israel blibo la dzi.
10
Exɔ ƒe bla ene esi woɖoe fia le Israel, eye wònɔ zia dzi ƒe eve. Ke Yuda-to la ya nɔ David yome,
11
eye wònɔ Xebron ɖu wo dzi ƒe adrẽ kple afã.
12
Abner kple Isboset ƒe dɔlawo ho tso Maxanaim yi Gibeon-du me.
13
Yoab, ame si nɔ nye Zeruya kple David ƒe dɔlawo hã ho, eye akpa eveawo va do go le tá la nu, eye wo katã nɔ anyi ɖe afi ma. Akpa ɖeka nɔ tá la ƒe go ɖeka dzi, eye evelia hã nɔ go kemɛ dzi.
14
Abner gblɔ na Yoab be: “Mína ɖekakpuiawo dometɔ aɖewo natsi tsitre ate kame ne míakpɔ.” Yoab lɔ̃ ɖe edzi.
15
Ale ɖekakpui wui eve tso Isboset ƒe akpa dzi va kpe kple ɖekakpui wui eve tso David ƒe akpa dzi.
16
Wo dome ame sia ame lé nɔvia ƒe ta, eye wòƒo adekpui ɖe axadame nɛ. Ale wo katã wodze anyi zi ɖeka heku. Eya ta wona ŋkɔ teƒe la be “Helkat-hazurim” le Gibeon.
17
Tete aʋa dziŋɔ aɖe dzɔ gbe ma gbe, ɖe akpa eveawo dome eye David ƒe amewo ɖu Abner kple Israeltɔwo dzi.
18
Yoab, Abisai kple Asahel siwo nye Zeruya viŋutsuwo la nɔ David ƒe ameawo dome. Asahel, ame si ƒua du abe zi ene la,
19
ɖe Abner ɖe nu tẽe.
20
Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wògblɔ be: “Asahel, wòea?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, nyee!”
21
Abner gblɔ be: “Gbugbɔ le yonyeme. Ti ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka yome ne nàlée axɔ eƒe nuwo le esi.” Gake Sahel gakplɔe ɖo ko.
22
Abner gagblɔ nɛ be: “Mebe trɔ le yonyeme! Nu ka ta nèle teyem kpɔ be mada nu wò aƒu anyi nàku? Ale ke mate ŋu akpɔ nɔviwò Yoab ŋkumee?”
23
Ke egbe tɔtrɔ. Ale Abner da akplɔe to megbe. Akplɔa tɔ dɔme nɛ, ɖi go ɖe egodo. Asahel dze anyi ɖe afi ma heku eye ame sia ame si va to afi si wòdze anyi ku ɖo la tɔna ɖi.
24
Yoab kple Abisai kplɔ Abner ɖo kple du. Esi ɣe nɔ to ɖom la, wova Ama-togbɛ si le Giax ƒe ɣetoɖoƒe gome, le mɔ, si ɖo ta Gibeon-gbedadaƒo, to la gbɔ.
25
Tete Benyamin viwo ƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe Abner ŋu, wɔ aʋakɔ ɖeka, eye wotsi tsitre ɖe togbɛ aɖe tame.
26
Abner yɔ Yoab ɖa gblɔ nɛ be: “Ɖe míanɔ aʋawɔwɔ dzi madzudzɔea? Mènyae be veve helihelĩ koe ava xɔ mía me ɖe mía nɔewo ŋu emegbe oa? Nɔviwo míenyee! Ɣe ka ɣi nàna be wò amewo adzudzɔ mía yometiti?”
27
Yoab ɖo eŋu be: “Metà Mawu gbagbe la. Ɖe menye wòe ƒo nu o la, anye ne nye amewo anɔ mia yome tim ʋuu va se ɖe etsɔ ŋdi.”
28
Tete Yoab ku kpẽ na eƒe ameawo be woadzudzɔ Israelviwo yometiti. Ale avua ke le wo dome.
29
Abner kple eƒe amewo zɔ to Yordan-bali la me zã blibo la. Wotso Yordan-tɔsisi la, eye woto ʋe la me va Maxanaim.
30
Esi Yoab dzudzɔ Abner yometiti la, eƒo eƒe ameawo katã nu ƒu eye wòkpɔ be ame wui asieke meli o, hekpe ɖe Asahel ŋu.
31
David ƒe amewo wù ame alafa etɔ̃ bla ade le Abner ƒe amewo dome tso Benyamin-to la me.
32
Azɔ la, Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi ɖaɖi ɖe tɔ́a ƒe ameɖiƒe le Betlehem. Emegbe wozɔ zã blibo la va ɖo Xebron le fɔŋli me.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24