bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 10
2 Samuel 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 11 →
1
Emegbe la Amonviwo ƒe fia Naxas ku, eye via Xanun va zia dzi ɖe eteƒe.
2
Fia David gblɔ be: “Ele be mawɔ nuteƒe na Xanun abe ale si tɔ́a Naxas wɔ nuteƒe nam ene.” Ale David dɔ amewo ɖa be woaɖafa akɔ nɛ le tɔ́a ƒe ku ta. Esi David ƒe amedɔdɔawo va ɖo Amon la,
3
woƒe dumegãwo gblɔ na woƒe fia be: “Ɖe nèbu be bubue David di be yeade tɔ́wò ŋu, eya ta wòdɔ amewo ɖa be woava fa akɔ na wòa? Menye nenemae o. Ke boŋ ɖe wòdɔ eƒe dɔlawo ɖa be woava dzro dua me, atsa ŋku le eme ale be wòate ŋu ava xɔe.”
4
Tete Xanun lé David ƒe amedɔdɔawo, ƒlɔ ɖe sia ɖe ƒe ge afã, lã woƒe awu ɖe domedomee ɖe agɔnu eye wòdo mɔ wo.
5
Ŋukpe lé amedɔdɔawo ale gbegbe be wode tɔtrɔ ge agbɔ va aƒe do kpo. Esi David se nu si dzɔ ɖe wo dzi la, edɔ ame ɖa woɖagblɔ na wo be woanɔ Yerixo, womegagbɔ haɖe o, va se ɖe esime woƒe ge nagato hafi woagbɔ.
6
Esi Amonviwo kpɔ be yewozu David ƒe futɔwo la, woyi ɖatsɔ Siria-srafo afɔzɔla akpe bla eve, Maxa-fia ƒe asrafo akpe ɖeka kple Tob-srafo akpe wui eve.
7
David see, ale wòdɔ Yoab kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖa.
8
Tete Amonviwo ho va dze aʋa ɖe agboa nu, ke Siria-srafo siwo tso Zoba kple Rexob kpakple esiwo tso Tob kple Maaxa la va le aʋagbea dzi wotɔxɛwotɔxɛe.
9
Esi Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe la, etia asrafo kalẽtɔwo le Israel eye wòna woawo dze ŋgɔ Siriatɔwo.
10
Ke etsɔ aʋakɔ si susɔ la de nɔvia Abisai si, be eya nadze ŋgɔ Amonviwo.
11
Yoab gblɔ nɛ be: “Ne Siriatɔwo le dzinye ɖum la, nàva xɔ nam, eye ne Amonviwo le dziwò ɖum la, mava xɔ na wò.
12
Lé dzi ɖe ƒo! Na míaʋli míaƒe dukɔ la kple Mawu ƒe duwo ta. Aƒetɔ nena eƒe lɔlɔ̃nu nava eme.”
13
Esi Yoab kple eƒe aʋakɔ la ho be yewoaɖakpe aʋa kple Siriatɔwo la, Siriatɔwo sí le wo nu.
14
Amonviwo kpɔ be Siriatɔwo sí eya ta woawo hã sí le Abisai nu yi dua me. Ale Yoab trɔ le Amonviwo yome va Yerusalem.
15
Siriatɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi, ale woƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu.
16
Fia Hadadezer dɔ ame ɖa be woana Siriatɔ siwo le Frat-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome la naho ava Xelam. Hadadezer ƒe aʋakplɔla Sobax le aʋakɔawo nu.
17
Esi David se nyaa la, eƒo Israel-ʋakɔwo nu ƒu, eye wotso Yordan-tɔsisi la va Xelam afi si Siriatɔwo dze aʋa ɖo. Aʋa la dze egɔme,
18
ke Siriatɔwo sí le Israelviwo nu. David kple eƒe amewo wu Siriatɔwo ƒe tasiaɖam me nɔla alafa adrẽ kple sɔdola akpe ene. Wode abi Sobax, woƒe aʋakplɔla ŋu eye wòku ɖe gbea dzi.
19
Esi fia siwo katã le Hadadezer te la kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wowɔ ŋutifafa kpli wo eye wova zu wo teviwo. Le vɔvɔ̃ ta, Siriatɔwo megakpena ɖe Amonviwo ŋu azɔ o.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24