bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 22
2 Samuel 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 23 →
1
Esi Aƒetɔ ɖe David tso Saul kple eƒe futɔ bubuwo si me la, edzi ha sia na Aƒetɔ.
2
Ebe: Aƒetɔ le abe agakpe kple mɔ́ ene nam. Enye Ɖenyela.
3
Mawue nye nye beɖoƒe. Eyama mee mebè ɖo. Ele nam abe akpoxɔnu ene, eye wòxɔna nam abe lãdzo ene. Mawue nye nye mɔ́ sesẽ, kple beɖoƒe. Nye xɔnametɔ si ɖeam tso ŋutasesẽ me.
4
Meyɔ Aƒetɔ, ame si dze kafukafu eye wòɖem tso nye futɔwo si me.
5
Elabe ku ƒe tsitsotsoewo ƒo xlãm, eye tsisisi sesẽ gblẽnuwo do ŋɔdzi nam.
6
Ka siwo le tsiẽƒe ƒo xlãm, eye ku tre mɔ̀ ɖi nam.
7
Le nye xaxa me la, meyɔ Aƒetɔ. Medo ɣli yɔ nye Mawu be nexɔ nam! Ese nye gbe le eƒe fiasã me, eye wòse nu si ta medo ɣli yɔe.
8
Tete anyigba ʋãnya eye wòʋuʋu. Dziƒo ƒe gɔmeɖoɖowo dzo kpèkpekpe eye woʋãnya, elabe Mawu do dziku.
9
Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔti me yi dzi; dzo do tso eƒe nu me fiã nu; aka lé dzo le egbɔ le xɔxɔm.
10
Evĩa dziƒo heɖi va anyi, alilikpo dodo le eƒe afɔ te.
11
Enɔ kerubi dzi dzo va yi, eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.
12
Ena viviti ƒo xlãe abe avɔgbadɔ me wòle ene, eye alilikpo dodo si tsi yɔ fũu la ɖe to ɖee.
13
Dzoka xɔxɔwo do tso kekeli si le eŋgɔ la me.
14
Aƒetɔ ɖe gbe tso dziƒo, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe gbe ɖi.
15
Eda aŋutrɔ kaka wo hlẽ, eye wòna dzikedzo tɔtɔ wo.
16
Tete atsiaƒu gɔme dze, anyigba ƒe gɔmeɖoɖowo tsi go, esi Aƒetɔ nyra ɖe eƒe futɔwo eye eƒe ŋɔti me gbɔgbɔ blu la.
17
Edo asi ɖa tso dzi eye wòlém, hem tso tɔ geɖewo me.
18
Eɖem tso nye futɔ sesẽ la kple ame siwo lé fum la si me elabe wosesẽ wum.
19
Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe dzinye la, wodze dzinye; ke Aƒetɔ xɔ nam.
20
Ekplɔm va gbadza dzi eye wòɖem, elabe nye nuwɔna nyo eŋu.
21
Aƒetɔ ɖo nu dzɔdzɔe si mewɔ la teƒe nam. Eyram elabe nyemewɔ vɔ̃ aɖeke o.
22
Elabe mewɔ Aƒetɔ ƒe sewo dzi, eye nyemewɔ nuvɔ̃ɖi aɖeke ɖe nye Mawu ŋu o.
23
Mewɔ eƒe seawo katã dzi, eye nyemegbe eƒe ɖoɖo aɖeke dzi wɔwɔ o.
24
Enya be mele dzadzɛ elabe melé ɖokuinye nyuie be nyemagada vo o.
25
Eya ta Aƒetɔ ɖo nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ teƒe nam, elabe enya be mele dzadzɛ.
26
Aƒetɔ, èwɔa nuteƒe na ame siwo wɔa nuteƒe na wò, eye mèkaa mo na ame si ŋu mokaka mele o la o.
27
Èdzana le ame dzadzɛ gbɔ, ke ètua nu kple nu vlo wɔla.
28
Èxɔna na ɖokuibɔbɔlawo, ke ebɔbɔa dàdalawo ɖe anyi.
29
Aƒetɔ, wòe nye nye kekeli. Wò, nye Mawue nyà nye viviti ɖa.
30
Wòe naa ŋusẽm metea ŋu wɔa avu kple nye futɔwo, eye wò, nye Mawue naa ŋusẽm metsɔna ɖua mɔxenuwo dzi.
31
Mawu sia! Eƒe nuwɔnawo de blibo. Aƒetɔ wɔa eƒe ŋugbedodo dzi. Enye akpoxɔnu na ame siwo katã sinɛ tsona.
32
Evɔ ɖe, ame ka hãe ganye Mawu? Ɖe menye Aƒetɔ koe oa? Ame ka hãe ganye xɔnametɔ? Ɖe menye mía Mawu la ɖeɖe koe oa?
33
Mawu sia nye mɔ́ sesẽ nam, eye wòna nye mɔ dzi fa.
34
Ena ŋusẽ le nye afɔ ŋu abe zinɔ tɔ ene, eye wòna mele towo dzi bɔkɔɔ.
35
Efia aʋawɔwɔm nyuie, ale be mate ŋu ahe dati si wowɔ kple akɔbli la me gɔ̃.
36
O Aƒetɔ, wòe kpɔa tanye xɔna nam; èkpe ɖe ŋunye mezu ame vevi.
37
Wòe na mele te sesĩe, eye nyemedze anyi kpɔ o.
38
Meɖe nye futɔwo ɖe nu ɖaɖu wo dzi. Nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime metsrɔ̃ wo vɔ.
39
Meƒo wo xlã ɖe anyi, to wo nyànyanya ale be womegafɔ o. Wodze anyi ɖe ŋkunye me.
40
Ètsɔ ŋusẽ bla akpa nam be mawɔ aʋae, eye nèna meɖu nye futɔwo dzi.
41
Èna nye futɔwo sí le nunye, eye metsrɔ̃ ame siwo lé fum la keŋ.
42
Wodi xɔnametɔ; ke ɖeke meli axɔ na wo o. Wodo ɣli yɔ Aƒetɔ, ke metɔ na wo o.
43
Metu wo, wozu abe ʋuʋudedi ene. Metu afɔ wo dzi, henyama wo abe ba le ablɔwo dzi ene.
44
Èɖem tso nye dukɔ si le dzrewɔwɔ dzi la si me. Elém ɖe asi hetsɔm ɖo tatɔe na dukɔwo, eye dukɔ si nyemenya o la subɔm.
45
Dukɔ bubu me tɔwo va de ta agu nam. Ne wonyase nye gbe ko la, woɖoa tom.
46
Vɔvɔ̃ ɖo amedzro siawo, eye wole dzodzom nyànyanya do tso woƒe mɔwo me va.
47
Aƒetɔ le agbe! Woakafu nye xɔnametɔ la! Woado nye Mawu la ɖe dzi! Eyae xɔna nam abe agakpe ene.
48
Mawu bia hlɔ̃ nam, eye wòtsɔ dukɔwo de tenye.
49
Ekplɔm to nye futɔwo dome do, eye wòna meɖu wo dzi. Eɖem tso ŋutasẽlawo si me.
50
O Aƒetɔ, eya ta mele kafuwòm le dukɔwo dome. Mele ha dzim le kafuwòm.
51
Mawu na eƒe fia la kpɔ dziɖuɖu. Eɖe eƒe lɔlɔ̃ mavɔ la fia eƒe amesiamina David kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24