bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 18
2 Samuel 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 19 →
1
Azɔ la, David ƒo eƒe amewo nu ƒu eye wòma wo me ɖe hatsotso me, akpeakpe kple alafalafa, eye wòɖo kplɔla ɖe hatsotso ɖe sia ɖe nu.
2
Emegbe eɖo wo ɖe hatsotso etɔ̃ me, eye wòna Yoab kple Yoab nɔvi Abisai, Zeruya vi kple Itai tso Git, wole hatsotso etɔ̃awo nu ɖekaɖeka. Tete fia la gblɔ na eƒe ameawo be: “Nye hã mayi kpli mi.”
3
Ke ameawo ɖo eŋu nɛ be: “Mele be wò ya nàyi kpli mí o, elabe ne míawo míesí le wo nu la, futɔawo matsɔ ɖeke le eme o. Ne míaƒe amewo ƒe afãe tsi aʋa gɔ̃ hã la, womatsɔ ɖeke le eme o nenema ke. Ke wò ɖeka, ɖe nèle abe ame akpe ewo ene le mía dome. Eya ta ne ètsi dua me hele alɔ dom mí ɖo ɖa la, enyo wu.”
4
Fia la ɖo eŋu be: “Mawɔ nu sia nu si miekpɔ be enyo la.” Tete fia tsi tsitre ɖe agbo la xa, eye eƒe ameawo zɔ do go le hatsotso me, alafalafa kple akpeakpe.
5
Fia la de se na Yoab kple Abisai kpakple Itai be: “Mikpɔ nyuie be nu vevi aɖeke nagawɔ Absalom ɖekakpui la o.” Esime fia la nɔ sea dem na aʋakplɔlaawo katã tso Absalom ŋuti la, aʋakɔ blibo la see.
6
Ale David ƒe aʋakɔ la ho yi aʋagbedzi ɖakpe aʋa kple Israelviwo le Efrayim-ve me.
7
David ƒe amewo ɖu Israelviwo dzi ŋɔdzitɔe; ame akpe bla eve sɔŋ tsi aʋa gbe ma gbe.
8
Aʋa la kaka tso afi ma ɖe anyigba blibo la dzi, eye ame siwo avea vuvu la sɔ gbɔ wu ame siwo tsi yi nu.
9
Absalom va do go David ƒe ameawo dometɔ aɖewo kpoyi. Enɔ tedzisɔ dom va to klẽti gã aɖe, si vu alɔ dranyi la te yina. Kasiaa eƒe ta xaxa ɖe klẽti la me, tedzisɔ la do le ete, wòtsi afi ma, hele nyenyem le ya me.
10
David ƒe ameawo dometɔ ɖeka kpɔe eye wògblɔ na Yoab be: “Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi ya me le klẽti aɖe ŋu!”
11
Tete Yoab gblɔ nɛ be: “Nu ka, èkpɔe! Nu ka ta mèwui enumake ɖe afi ma o? Anye ne mana klosaloga ewo kple alidziblanu wò!”
12
Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be: “Ne woxlẽ klosaloga akpe ɖeka kɔ ɖe asiƒo me nam hã la, nyemaka asi fia vi la ŋu akpɔ o. Elabe fia de se na wò kple Abisai kpakple Itai míese be: ‘Mikpɔ nyuie be nu vevi aɖeke nagawɔ Absalom ɖekakpui la o.’
13
Evɔ ne ɖe nyemewɔ fia ƒe sedede la dzi o, eye mewɔ nu vevi aɖee be ame aɖeke naganya o la, fia la anya godoo elabe naneke mele ɣaɣla ɖee o, eye wò la màʋli tanye o.”
14
Yoab gblɔ be: “Nyematɔ ɖe gbɔwò didie o.” Etsɔ akplɔ etɔ̃ ɖaƒo ɖe Absalom ƒe dzinu, esime wògale agbe le klẽtia ŋu ko, le nyenyem le ya me.
15
Yoab ƒe aʋawɔla ewo siwo tsɔ eƒe aʋawɔnuwo la ɖe to ɖe Absalom, eye woda nui wòku.
16
Yoab ku kpẽ be woadzudzɔ aʋa la wɔwɔ, eye eƒe aʋakɔawo trɔ le Israelviwo yome.
17
Wotsɔ Absalom ƒe kukua ƒu gbe ɖe do gã aɖe me le avea me, eye wofɔ kpe li kɔ gã aɖe ɖe edzi. Tete Israelviwo katã sí, eye ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒeme.
18
Le Absalom ƒe agbenɔɣi la, etu ŋkuɖodzikpe na eɖokui ɖe fia ƒe bali la me, elabe egblɔ be viŋutsuvi aɖeke mele ye si, si atɔ ye ŋkɔ be amewo nagaŋlɔ ye be o. Ale wòtsɔ ŋkɔ na kpea be Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe, eye woyɔnɛ nenema va se ɖe egbe.
19
Aximaaz, Zadok vi gblɔ na Yoab be: “Nà maƒu du ayi ɖagblɔ dzidzɔnya la na fia, be Aƒetɔ ɖee le eƒe futɔwo si me.”
20
Yoab gblɔ be: “Gbeɖe, mèle du nyui aɖeke xɔ ge ayii egbe o. Nɔ anyi nàyi ɣe bubu ɣi boŋ, ke manye egbe ya gbeɖe o, elabe fia vie ku!”
21
Tete Yoab gblɔ na Etiopiatɔ kluvi la be: “Yi nàɖagblɔ nu si nèkpɔ la na fia la.” Ebɔbɔ ta le Yoab ŋkume, eye wòƒu du yi.
22
Aximaaz gaxɔ edzi gblɔ be: “Nu sia nu ate ŋu dzɔ ɖe dzinye faa. Meɖe kuku, nà nye hã maƒu du yi aɖagblɔ nu si dzɔ la ko.” Yoab gblɔ nɛ be: “Vinye, nu ka ta nèbe yeayi kokoko? Ame aɖeke mele dɔtsɔfe xe ge na wò o ɖe.”
23
Aximaaz gagblɔ be: “Mebe nu sia nu ate ŋu dzɔ ɖe dzinye faa. Medi be maƒu du yi.” Yoab gblɔ nɛ be: “Yi!” Ale Aximaaz ƒu du to Yordan-balia me, eye wòde hafi kluvia va ɖo.
24
David nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo eveawo dome. Dzɔla de glia dzi eye wòtsi tsitre ɖe agboa tame. Esi wòfɔ kɔ dzi la, ekpɔ ame aɖe, le du dzi gbɔna ɖa.
25
Dzɔla la yɔ fia la hegblɔe nɛ, eye fia la gblɔ be: “Ne eya ɖekae gbɔna la, ekema ehe nya nyui aɖe gbɔnae.” Amea nɔ afɔ ɖem, nɔ wo tum.
26
Tete dzɔla la gakpɔ ame bubu hã, le du dzi gbɔna ɖa. Dzɔla la yɔ agbonudzɔla gblɔ do ɖa be: “Kpɔ ɖa, ame bubu aɖe hã le du dzi gbɔna!” Fia la ɖo eŋu be: “Eya hã he nya nyui gbɔnae.”
27
Dzɔla la gblɔ be: “Ŋgɔgbetɔ le du ƒum abe Aximaaz ene.” Fia la gblɔ be: “Ame ɖɔʋu wònye. Ehe nya nyui aɖe gbɔnae.”
28
Aximaaz do ɣli gblɔ na fia la be: “Ŋutifafa ɖo aƒe!” eye wòbɔbɔ de ta agu le fia la ŋkume hegblɔ nɛ be: “Kafu Aƒetɔ, wò Mawu la! Ena nèɖu aglãdzela siwo tsi tre ɖe wò, Fia Bubutɔ la ŋu la dzi!”
29
Fia la bia be: “Absalom ɖekakpui la le dediea?” Aximaaz ɖo eŋu be: “Amegã, esi Yoab, wò aʋakplɔla la dɔm la, mekpɔ be zi gã aɖe tɔ, ke nyemenya nu si dzɔ o.”
30
Fia la gblɔ nɛ be: “Te ɖa nàtsi tsitre ɖe afi ma!” Ete ɖa hetsi tsitre ɖi.
31
Kasiaa Etiopiatɔ kluvi la va ɖo, eye wògblɔ na fia la be: “Fia Bubutɔ, mehe nya nyui aɖe vɛ na wò. Egbe la, Aƒetɔ na nèɖu ame siwo katã dze aglã ɖe ŋuwò la dzi!”
32
Fia la biae be: “Absalom ɖekakpui la le dediea?” Kluvia ɖo eŋu be: “Ne nu si dzɔ ɖe edzi ɖe wòadzɔ ɖe wò futɔwo kple ame siwo katã dze aglã eye woɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò dzi la, anyo ŋutɔ.”
33
Tete fia la lulu, tɔtɔ eye wònɔ ƒoƒom kpakpakpa yi ɖe agbo la ƒe akpata me eye wòfa avi. Esi wònɔ yiyim la, enɔ gbɔgblɔm be: “Vinye, Absalom, vinye! Vinye. Absalom, ɖe meku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu! Vinye Absalom, vinye!”
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24