bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 15
2 Samuel 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 16 →
1
Esia megbe la, Absalom di tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui, eye wògadi ŋutsu bla atɔ̃ siwo anɔ du dzi le eŋgɔ la hã kpe ɖe wo ŋu.
2
Efɔna ŋdi kanya ɖatsia tre ɖe mɔ to le dua ƒe agbo nu. Ne ame aɖe tsɔ dzrenya aɖe yina ɖe fia gbɔ be wòadrɔ̃ la, Absalom yɔnɛ hebianɛ be: “Du ka me nètso?” Ne amea yɔ Israel-to si me wòtso la nɛ la,
3
Absalom gblɔna nɛ be: “Kpɔ ɖa, wò nyawo nyo le eteƒe, ke fia meɖo ame aɖeke ɖi be wòasee na wò o.”
4
Egblɔna kpe ɖe eŋu be: “Ame aɖee tsɔm wɔ ʋɔnudrɔ̃lae! Ekema ne ame aɖe tsɔ dzrenya alo nya bubu aɖe va gbɔnyee la, madrɔ̃e atso afia nɛ.”
5
Azɔ ne ame aɖe va egbɔ be yeabɔbɔ ta nɛ la, edoa asi ɖa lénɛ eye wògbugbɔa nu nɛ.
6
Absalom wɔ alea na Israelvi ɖe sia ɖe si va fia la gbɔ be wòadrɔ̃ nya na ye, eye Absalom to eme fi Israelviwo ƒe dzi.
7
Le ƒe ene megbe la, Absalom gblɔ na fia la be: “Taflatsɛ, na mayi Xebron aɖawɔ adzɔgbe si meɖe na Aƒetɔ le afi ma la dzi.
8
Esi menɔ Gesur le Siria la, meɖe adzɔgbe na Aƒetɔ be ne wòkplɔm gbugbɔ yi Yerusalem la, mava subɔe le Xebron.”
9
Fia la gblɔ nɛ be: “Yi le ŋutifafa me.” Ale Absalom yi Xebron.
10
Ke Absalom dɔ dɔlawo ɖa le adzame ɖo ɖe Israel-toawo katã me be woaɖagblɔ be: “Ne kpẽ ɖi miese la, mido ɣli be: ‘Absalom zu fia le Xebron!’ ”
11
Absalom kpe ŋutsu alafa eve tso Yerusalem woyi kplii, eye ame siawo dometɔ aɖeke menya nu tso nugbeɖoɖoa ŋu kura o.
12
Esime Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Gilo be woaɖayɔ Axitofel, David ƒe adaŋudelawo dometɔ ɖeka vɛ na ye. Nugbeɖoɖoa nu le sesẽm, eye Absalom yomedzelawo le agbɔ sɔm ɖe edzi.
13
Amedɔdɔ aɖe va fi tofi na David be: “Israel-dukɔmetɔwo ƒe dzi ku ɖe Absalom ŋu.”
14
Ale David gblɔ na eƒe dɔla siwo katã le egbɔ le Yerusalem la be: “Mitso, ne míasí hafi Absalom nava ɖo. Ne menye nenem o la, mía dometɔ aɖeke masusɔ o. Netsɔ! Ne eƒe afɔ tsɔ wu mía tɔ ko, evɔ na mí! Ɖe wòatsrɔ̃ ame sia ame keŋ le dua me!”
15
Woɖo eŋu be: “Nu sia nu si nègblɔ be míwɔ ko la, míawɔe.”
16
Ale fia la kplɔ eƒemetɔwo katã dzoe, negbe ahiãvi ewo koe wògblẽ ɖi be woakpɔ fiasã la dzi.
17
Esime fia la kple eƒe ameawo nɔ go dom le dua me la, wova tɔ ɖe aƒe mamlɛtɔ gbɔ.
18
Fia la ƒe dɔlawo katã tsi tsitre ɖe egbɔ eye Kretitɔwo kple Pletitɔwo katã kpakple Gatitɔ alafa ade siwo dze eyome la va to eŋu dze eŋgɔ.
19
Azɔ fia la gblɔ na Itai, Gatitɔ be: “Nu ka ta wò hã nèbe yeayi kpli mí? Trɔ yi nàɖanɔ fia yeye la gbɔ. Du bubu me tɔwoe nènye eye ɖe nèʋu tso mia de va.
20
Esi nèva afii la, eteƒe medidi o, eya ta mele be makplɔ wò nànɔ tsatsam kplim o. Gawu la, nyemenya afi si yim mele fifia gɔ̃ hã o. Gbugbɔ yi eye kplɔ nɔviwòawo hã yii. Aƒetɔ nenyo dɔme ne wòawɔ nuteƒe na mi.”
21
Ke Itai ɖo eŋu na fia la be: “Fia Bubutɔ, metà Aƒetɔ gbagbe la kple wò Fia Bubutɔ: Ne nyemenɔ afi sia afi si nànɔ o fĩi! Edze ku dzi o, edze agbe dzi o, gbɔwò ko manɔ!”
22
David gblɔ na Itai be: “Enyo, va mídzo!” Ale Itai kple eƒe ameawo katã kpakple wo viwo keŋ yi kplii.
23
Esi David kple eƒe ameawo va tso eme yina la, amewo nɔ avi fam hoo. Fia la tsò Kidron-tɔʋu la, eƒe ameawo le eyome, eye wo katã woɖo ta gbedadaƒo.
24
Nunɔla Zadok hã le wo dome, eye Levitɔ siwo le eŋu la tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la. Wodro aɖaka la ɖi va se ɖe esime ameawo katã tso dua me va to eŋu yi vɔ. Nunɔla Abyatar hã nɔ afi ma.
25
Ke fia la gblɔ na Zadok be: “Gbugbɔ nubablaɖaka la yi dua mee! Ne Aƒetɔ ve nunye la, akplɔm agbɔe, eye wòana makpɔe kple teƒe si wodae ɖo.
26
Evɔ ne mekpɔ ŋudzedze le ŋunye o la, nyee nye esi, newɔ nu si dze eŋu lam faa.”
27
Fia la yi edzi gblɔ na Zadok be: “Kpɔ ɖa, kplɔ viwò Aximaaz kple Abyatar vi Yonatan ne miagbugbɔ ayi dua me le ŋutifafa me.
28
Fifia la, manɔ tɔtsoƒe le gbedadaƒo anɔ lalam va se ɖe esime mese nya aɖe tso mia gbɔ.”
29
Ale Zadok kple Abyatar gbugbɔ nubablaɖaka la va Yerusalem, eye wonɔ afi ma.
30
David lia amititogbɛ la le avi fam le yiyim. Etsyɔ nu ta, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm. Ame siwo katã le eŋu la hã tsyɔ nu ta, lia to la nɔ avi fam nɔ yiyim.
31
Esi wova gblɔ na David be Axitofel hã le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu la, edo gbe ɖa gblɔ be: “Aƒetɔ, meɖe kuku, trɔ Axitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo woazu movinuwɔwɔ!”
32
Esi David va ɖo gbedoɖaƒe le toa tame la, exɔlɔ̃ Xusai, Arkitɔ la va kpee. Awu vuvu le eŋu eye ke le tame nɛ.
33
David gblɔ nɛ be: “Àva zu agba nam, ne àyi mɔzɔzɔ la dzi kplim.
34
Ke àte ŋu akpe ɖe ŋunye nenye be ètrɔ yi dua me. Ne èyi la, gblɔ na Absalom be: ‘Tsã la, tɔ́wò ƒe dɔla menye, ke azɔ la, mebe mazu wò dɔla.’ Ale ne Axitofel ɖo aɖaŋu aɖe na Absalom la, àte ŋu agblẽ eme.
35
Nunɔla Zadok kple Abyatar hã le afi ma nɔ ge. Ne èse nya aɖe tso fiasã la me ko la, yi nàɖagblɔe na wo.
36
Kpɔ ɖa, wo vi eveawo, Aximaaz kple Yonatan, le wo gbɔ le afi ma. Ne miese nya aɖe le dua me ko la, midɔ wo ɖa woava gblɔe nam.”
37
David xɔlɔ̃ Xusai va dua me teti ko, Absalom hã ge ɖe eme.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24