bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 16
2 Samuel 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 17 →
1
Esi David to togbɛa tame yi ʋɛ la, Mefiboset ƒe dɔla, Ziba, va kpee; tedzi eve le eŋu. Ebla akpa na wo eye wòdo agba na wo kple abolo bɔbɔe alafa eve, waintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple wain lãgbalẽgolo ɖeka.
2
Fia David biae be: “Nu ka nètsɔ nu siawo va wɔwɔ gee?” Ziba ɖo eŋu be: “Tedziawo nye wò fia ƒe aƒemetɔwo tɔ be woado, aboloa kple kutsetseawo nye ɖekakpuiawo tɔ be woaɖu, eye wain la nye ame siwo ŋu ɖeɖi ate le gbedadaƒo la tɔ be woano.”
3
Fia la biae be: “Afi ka wò aƒetɔ ƒe vi le?” Ziba ɖo eŋu be: “Etsi Yerusalem, elabe egblɔ be: Egbe la, Israel ƒe aƒe la agagbugbɔ tɔgbuinye ƒe fiaɖuƒe la anam.”
4
Fia la gblɔ na Ziba be: “Kpɔ ɖa, Mefiboset ƒe nuwo katã zu tɔwò azɔ.” Ziba ɖo eŋu be: “Mede ta agu na wò! Nà makpɔ amenuveve le ŋku wò me tegbee, nye aƒetɔ fia.”
5
Esi fia David va ɖo Baxurim la, Saul ƒe ƒometɔ aɖe si ŋkɔe nye Simei, Gera vi, do va kpee eye wònɔ fi ƒom de David esime wòva.
6
Ŋutsu sia de asi kpedada David, eƒe dɔlawo, ameha blibo la kple kalẽtɔ siwo katã le eŋu dzɔm la me.
7
Simei le fi ƒom de David le gbɔgblɔm be: “Dzo yi! Dzo yi! Hlɔ̃dola! Ame ɖigbɔ!
8
Aƒetɔ le Saul ƒe aƒe katã ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ biam wò, ame si teƒe nèɖu fia ɖo, eye Aƒetɔ tsɔ fiaɖuƒea de asi na viwò Absalom. Kpɔ ɖa, wò gbegblẽ le wò ta dzi, elabe hlɔ̃dola nènye!”
9
Abisai, Zeruya vi, gblɔ na fia la be: “Fia Bubutɔ, nu ka ta avu kuku sia nava nɔ fi ƒom de wò? Na mayi ɖatso ta le enu!”
10
Fia la gblɔ be: “Nya ma metsɔ mi Zeruya viwo gbɔ kura o. Ne Aƒetɔ be neƒo fi dem, eye wòƒoe dem la, ɖe ame aɖe kpɔ mɔ agblɔ be nu ka tae wòƒo fi dem mahã?”
11
Tete David gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã be: “Ne nye ŋutɔŋutɔ vinye gɔ̃ hã le nye ku dim la, nu ka ta keke Benyamintɔ aɖe ke anɔ nye ku dim, wòwɔ nuku na mi? Miɖe asi le eŋu ne wòaƒo fi dem ko; Aƒetɔ lae gblɔe nɛ.
12
Ɖewohĩ Aƒetɔ akpɔ xaxa si me mele, eye wòawɔ nyui atsɔ ɖo fi si woƒo dem egbe la teƒe nam.”
13
Ale David kple eƒe amewo yi mɔzɔzɔ dzi. Ke Simei le wo kasa to toa xa nɔ yiyim. Eganɔ fi ƒom nɔ wo dem, nɔ kpe dam eye wònɔ ke hlẽm ɖe wo ŋu.
14
Esi fia la kple eƒe ameawo va ɖo Yordan-tɔsisi nu la, ɖeɖi te wo ŋu, ale wogbɔ ɖe eme le afi ma.
15
Absalom kple Israelvi siwo katã le eŋu la va ɖo Yerusalem, eye Axitofel kpe ɖe eŋu.
16
Esi David xɔlɔ̃ Xusai, Arkitɔ la va Absalom gbɔ la, edo ɣli gblɔ be: “Fia nenɔ agbe tegbee! Fia nenɔ agbe tegbee!”
17
Tete Absalom bia Xusai be: “Wò dzi gale xɔ̃wò David ŋua? Nu ka ta mèyi kplii o?”
18
Xusai ɖo eŋu be: “Gbeɖe! Ame si Aƒetɔ kple dukɔ sia kpakple Israelviwo katã tia la tɔ menye. Eya gbɔ ko manɔ.
19
Mebe evɔ ɖe, ame ka gɔ̃ magasubɔ mahã? Ɖe menye wò via koe oa? Ale si mesubɔ tɔ́wòe la, nenema ko masubɔ wò hãe.”
20
Tete Absalom trɔ ɖe Axitofel ŋu gblɔ nɛ be: “Fifia ɖo aɖaŋu nam. Nu ka míawɔ?”
21
Axitofel ɖo eŋu be: “Yi nàɖadɔ kple tɔ́wò ƒe ahiãvi siwo wògblẽ ɖe megbe be woanɔ fiasã la dzi kpɔm la. Ne ame sia ame se nya sia le Israel-dukɔa me la, woanya be wò kple tɔ́wò dome gblẽ koŋ ale be dzi aɖo ame siwo katã le dziwò la ƒo.”
22
Ale wowɔ agbadɔ ɖe fiasã la ƒe xɔta na Absalom, eye wòde asi tɔ́a ƒe ahiãviwo ŋu le ame sia ame ŋkume le Israel.
23
Le ɣe ma ɣi me la, wobua Axitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo abe ame si bia gbe Mawu la tɔ ene, ale David kple Absalom siaa dea bubu Axitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo ŋu.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24