bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 5
2 Samuel 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 6 →
1
Azɔ la, Israel-toawo katã va David gbɔ le Xebron, eye wogblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔ wò ƒu kple lã míenye.
2
Tsã esime Saul nye fia ɖe Israel nu gɔ̃ hã la, wò koe kplɔa Israel-dukɔa doa goe gakplɔnɛ gbɔnae, eye Aƒetɔ do ŋugbe na wò be wòe gbɔna dukɔ sia kplɔ ge anye amegã ɖe edzi.”
3
Ale Israel-me tsitsiawo katã va fia David gbɔ le Xebron. Ebla nu kpli wo le Aƒetɔ ŋkume le Xebron, eye wosi ami nɛ wòzu fia ɖe Israel nu.
4
David xɔ ƒe bla etɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu dzi ƒe bla ene.
5
Enɔ Xebron ɖu fia ɖe Yuda dzi ƒe adrẽ ɣleti ade, eye wòva nɔ Yerusalem ɖu fia ɖe Israel blibo la kple Yuda dzi ƒe bla etɔ̃ vɔ etɔ̃.
6
Fia David kple eƒe amewo tso ɖe Yebusitɔwo ŋu, eye woho yi Yerusalem be yewoaɖaxɔ dua le Yebusitɔwo si. Yebusitɔwo bu be David mate ŋu axɔe o. Wogblɔ nɛ be: “Màte ŋu aɖo afɔ afi sia akpɔ o; ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo koe axe mɔ na wò.”
7
Ke David xɔ Zion-mɔ́ la, eye wotrɔ ŋkɔ nɛ be “David ƒe du.”
8
David gblɔ na eƒe amewo gbe ma gbe be: “Melé fu Yebusitɔwo vevie. Ke hã, ne ame aɖe be yelé fu wo wum la, neto tsiʋu la me ne wòawu wo akpe ɖe ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo ŋu.” Eya ta wogblɔna be: “Ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo megava Aƒetɔ ƒeme o.”
9
David nɔ mɔ́ la me eye wòna ŋkɔe be “David ƒe du.” Eɖo gli ƒo xlãe godoo va kpe tso Milo-tonyigba gome.
10
David nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi elabe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la li kplii.
11
Fia Xiram tso Tiro ɖo amewo kple sedertiwo ɖe David, eye wòna atikpalawo kple xɔtulawo hã le wo dome be woatu fiasã na David.
12
David dze sii azɔ be Aƒetɔ ye ɖo ye, be yeaɖu Israel dzi eya tae wòna yeƒe fiaɖuɖu la le dzidzedze kpɔm, le eƒe dukɔ Israel ta.
13
Esi David tso Xebron va Yerusalem la, egaɖo ahiãviwo eye wògaɖe srɔ̃ bubuwo hã. Woawo hã gadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo nɛ.
14
Vi siwo wodzi nɛ le Yerusalem la ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Salomo,
15
Yibxar, Elisua, Nefeg, Yafia,
16
Elisama, Elyada kple Elifelet.
17
Filistitɔwo se be woɖo David fia ɖe Israel nu, ale wo katã woho yi be yewoaɖadii alé. Esi David see la, eyi ɖe mɔ́ la me.
18
Filistitɔwo va Refaim-bali la me, eye wokaka ɖe teƒea.
19
David bia Aƒetɔ be: “Maho yi ɖawɔ aʋa kpli woa? Àna maɖu wo dzia?” Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Ho nàyi! Mana nàɖu wo dzi godoo.”
20
Ale David yi Baal Perazim eye wòɖu Filistitɔwo dzi le afi ma. Egblɔ be: “Aƒetɔ dze nye futɔwo le ŋgɔnye abe tsiɖɔɖɔe ŋɔ agbo ene.” Eya ta wona ŋkɔ teƒe ma be Baal Perazim.
21
Esi Filistitɔwo sí dzo la, wogblẽ woƒe legbaawo ɖe afi ma eye David kple eƒe amewo yi ɖafɔ wo dzoe.
22
Ke Filistitɔwo gaho trɔ yi ɖe Refaim-bali la me, eye wokaka ɖe teƒea.
23
David gabia gbe Aƒetɔ, eye wòɖo eŋu nɛ be: “Mègakpe wo o, ke boŋ to wo megbe nàyi ɖatu wo le klẽtiawo gbɔ lɔƒo.
24
Ne èse zinyenye to klẽtiawo dome la, ekema wɔ kaba elabe madze ŋgɔwò be masi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la.”
25
David zɔ ɖe Aƒetɔ ƒe aɖaŋu la nu, eye wòɖu Filistitɔwo dzi, nyà wo tso Geba ʋuu va se ɖe Gezer.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24