bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 4
2 Samuel 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 5 →
1
Esi Isboset, Saul vi, se be Abner ku le Xebron la, vɔvɔ̃ ɖoe ŋutɔ eye dzidzi ƒo Israel-dukɔ blibo la.
2
Adzohakplɔla eve le Isboset si siwo ƒe ŋkɔwoe nye Baana kple Rexab. Wonye Rimon, Beerotetɔ viwo tso Benyamin-to la me. Wobua Beerot hã kpena ɖe Benyamin ŋu.
3
Beerotetɔ ŋutɔŋutɔwo sí yi Gitaim, eye wotsi afi ma va se ɖe egbe.
4
Saul ƒe dzidzimevi bubu hãe nye Mefiboset, Yonatan vi. Exɔ ƒe atɔ̃ esime wowu Saul kple Yonatan. Esi du tso Yezreel va be woku la, ame si nɔ enyim la kɔe kpa hesí kplii. Etsi dzi ŋutɔ esime wònɔ sísim. Ale ɖevia ge eye eƒe atawo tu.
5
Rexab kple Baana tso dze mɔ eye wova Isboset ƒeme le ŋdɔ me, esime wònɔ ŋdɔlɔ̃ dɔm.
6
Alɔ̃ nɔ nyɔnu si le mɔa nu la tsɔm esime wònɔ lu gbɔm eye wòdɔ alɔ̃. Ale Rexab kple nɔvia Baana to eŋu dzaa ge ɖe eme.
7
Esi woge ɖe aƒea me la, woyi ɖe Isboset ƒe xɔgãme, afi si wòmlɔ anyi ɖo dɔ alɔ̃ klenee. Wowui, tso eƒe ta tsɔ dzoe eye wozɔ mɔ zã blibo la to Yordan-bali me.
8
Wova ɖo Xebron eye wotsɔ ta la vɛ na fia David gblɔ nɛ be: “Isboset, Saul vi, wò futɔ si le wò ku dim ƒe tae nye esi. Míaƒe fia bubutɔ, egbe la Aƒetɔ bia hlɔ̃ Saul kple eƒe dzidzimeviwo na wò.”
9
David ɖo eŋu na wo be: “Metà Aƒetɔ si le agbe eye wòɖem tso ŋɔdzinuwo katã me!
10
Esime aɖe va gblɔ nam be: ‘Kpɔ ɖa, Saul ku!’ eye wòbu be du nyui aɖee yexɔ vɛ nam la, melée hewui le Ziklag, wònye fetu nɛ ɖe du si wòxɔ vɛ la ta.
11
Ale ke wɔ ne ame vɔ̃ɖiwo wu ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ƒe aƒeme, le aƒe aba dzi la, nyemabia eƒe ʋu tso mia si me eye matsrɔ̃ mi ɖa le anyigba dzi wu o?”
12
Tete David ɖe gbe na ɖekakpuiawo eye wowu wo. Wolã woƒe asi kple afɔ le wo ŋu ɖaku nu ɖe tá to le Xebron. Ke wotsɔ Isboset ƒe ta yi ɖaɖi ɖe Abner ƒe yɔdo me le Xebron.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24