bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 9
2 Samuel 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 10 →
1
Gbe ɖeka la, David bia be: “Ɖe ame aɖeke mesusɔ ɖe Saul ƒeme, ne maxa ɖe Yonatan ta anyo dɔme nɛ oa?”
2
Dɔla aɖe le Saul ƒeme si ŋkɔe nye Ziba. Woyɔe va David gbɔ eye fia la biae be: “Wòe nye Zibaa?” Eɖo eŋu be: “Meɖe kuku, nyee.”
3
Fia la biae be: “Ɖe ame aɖeke megale Saul ƒeme si manyo dɔme na abe Mawu ene oa?” Ziba ɖo eŋu be: “Yonatan viŋutsuvi ɖeka susɔ li. Enye atatututɔ.”
4
Fia la bia be: “Afi ka wòle?” Ziba ɖo eŋu be: “Ele Amiel vi, Maxir ƒeme le Lo-Debar.”
5
Ale fia la dɔ ame ɖa woyi ɖakplɔe tso Amiel vi, Maxir ƒeme le Lo-Debar vɛ.
6
Eŋkɔe nye Mefiboset. Enye Yonatan vi, eye wònye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi. Esi wòva la, ebɔbɔ tsyɔ mo anyi. Tete David yɔe be: “Mefiboset!” Etɔ be: “Nyee nye esi.”
7
David gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Maxa ɖe tɔ́wò Yonatan ta anyo dɔme na wò. Magbugbɔ tɔgbuiwò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye mana nàɖu nu le nye agba nu ɖaa.”
8
Mefiboset gade ta agu eye wògblɔ be: “Ame kae nye wò dɔla, be nàlé fɔ ɖe nye avu kuku sia hã ŋu?”
9
Emegbe fia la yɔ Saul ƒe dɔla Ziba eye wògblɔ nɛ be: “Metsɔ nu siwo katã nye Saul kple eƒe ƒome blibo la tɔ la de asi na wò aƒetɔ viŋutsua.
10
Wò kple viwò ŋutsuwo kpakple wò dɔlawo miade agble nɛ, aŋe nu le eme vɛ nɛ ale be nuɖuɖu nanɔ wò aƒetɔ vi la si, ke Mefiboset ŋutɔ aɖu nu le nye agba nu ɖaa.” Viŋutsuvi wui atɔ̃ kple dɔla bla eve le Ziba si.
11
Tete Ziba gblɔ na fia la be: “Mawɔ nu sia nu si nèdi tso asinye be mawɔ la pɛpɛpɛ.” Ale Mefiboset ɖua nu le David ƒe agba nu abe fiaviŋutsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ene.
12
Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si, si ŋkɔe nye Mixa. Ziba ƒemetɔwo katã va zu Mefiboset ƒe dɔlawo.
13
Ale Mefiboset, ame si ƒe ata eveawo tu la, va nɔ Yerusalem eye wòɖua nu le fia ƒe agba nu.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24